Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 1:16 - Agbenya La

16 Mede se na miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le ɣe ma ɣi be, “Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ame sia ame kple nɔvia kpakple amedzrowo gɔ̃ hã.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye mede se na miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ɣemaɣi bena: Mibia nya ta mia nɔviwo se, eye midrɔ̃ ʋɔnu na amesiame kple nɔvia kpakple amedzro nyuie.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 1:16
22 Referans Kwoze  

Migadrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzedzeme nu o, ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye miadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.”


Se siwo miatsɔ akplɔ amedzrowo la, woawo kee miatsɔ akplɔ Israelvi dzɔleaƒeawo hã, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”


“Mele be miate amedzro aɖeke ɖe to le go aɖeke me o; miɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi.


Gblɔ na kesinɔtɔ siwo le xexe sia me la katã be womegada wo ɖokuiwo, eye woaɖo ŋu ɖe woƒe ga si nu ava yi kpuie la ŋuti o; ke boŋ woƒe dada kple ŋuɖoɖo nanɔ Mawu gbagbe si naa nu siwo katã míehiã na míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ la mí fũu ɖeɖe ko ŋu.


Mele se dem na wò moveviɖotɔe le Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo kple mawudɔla kɔkɔeawo katã ƒe ŋkume be nàwɔ nu sia ne hamemegã la nye xɔ̃wò vevi loo alo menye xɔ̃wò o. Ele be woatsɔ dzidzenu ɖeka ma ko na ame sia ame.


Ɖe mi dziɖulawo mietoa nyateƒea? Ɖe mietsoa afia dzɔdzɔe na amewoa?


Israel ƒe Agakpe la gblɔ nam be, ‘Ame si ɖua dzi kple dzɔdzɔenyenye le mawuvɔvɔ̃ me la,


Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɣeyiɣi si wòle na wò be nàku la ɖo. Yɔ Yosua, miava Agbadɔ la me, eye magblɔ eƒe dɔdeasiwo nɛ.” Ale Mose kple Yosua wova tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume.


Mose de se siawo na Israelviwo gbe ma gbe ke.


“Mègate agbatedɔwɔla aɖeke ɖe to gbeɖe o, eɖanye nɔviwò Israelvi loo alo amedzro si le wò du me o.


yi nunɔla Eleazar gbɔ, eye nàtsɔ ameawo kpɔkplɔ de esi le ameawo katã ŋkume.


“ ‘Ele be ʋɔnudrɔ̃lawo nafia dzɔdzɔenyenye le woƒe nyametsotsowo me, eye womakpɔ ame aɖeke ƒe ahedada alo hotsuikpɔkpɔ dzi ɖa o. Ele be woawɔ nuteƒe ɣe sia ɣi.


Ɖe mieɖo ŋku edzi be, míeƒoa nu na mi abe ale si fofo ƒoa nu na viawoe la ene oa?


Esia masɔ o! Meka ɖe edzi be màwɔ nu ma tɔgbi, awu ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa o! Nu ka ta nàhe to na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa ɖekae ɖo? Eme kɔ ƒãa be màwɔ nenema o! Ɖe xexea me blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?”


Metsɔ amegã siwo wotia tso to ɖe sia ɖe me eye wonye ŋutsu siwo nye bubumewo, eye tagbɔ li na wo la ɖo dzikpɔlawo ɖe mia nu, ɖe ame akpewo, alafawo, blaatɔ̃wo kple ewowo nu be woadrɔ̃ nyawo, eye woakpe ɖe wo ŋu le mɔ sia mɔ nu.


“Ne dzre dzɔ ɖe ŋutsu eve dome la, ʋɔnudrɔ̃la adrɔ̃ nya la na wo, atso afia na ame si tɔ dzɔ, eye wòabu fɔ ame si tɔ medzɔ o.


Ƒo nu eye nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, ʋli ame dahewo kple hiãtɔwo ƒe ablɔɖe ta.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite