Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 8:2 - Agbenya La

2 “Ƒo nu na Aron, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ne ètsɔ akaɖi adreawo da ɖe akaɖiti la dzi la, ele be woaklẽ ɖe teƒe si le akaɖiti la ŋgɔ.’ ”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ƒo nu kple Aron, eye nagblɔ nɛ bena: Ne èɖo akaɖigbɛawo ati dzi la, ekema akaɖigbɛ adreawo nabi aɖo ta ŋgɔ.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 8:2
19 Referans Kwoze  

Le esia megbe la, wɔ akaɖi adre na akaɖiti la, eye nàna woaklẽ ɖe ŋgɔ.


Dzikedzo, dziɖegbe kple sokpewo le dodom tso fiazikpui la me. Akaɖi adre nɔ bibim le fiazikpui la ŋgɔ. Esiawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo.


Nu ɣaɣla si le ɣletivi adre siwo nèkpɔ melé ɖe nuɖusi kple sikakaɖiti adreawo me lae nye esi: Ɣletivi adreawo nye hame adreawo ƒe mawudɔlawo, eye sikakaɖiti adreawo nye hame adreawo.


Esi metrɔ be makpɔ ame si nɔ nu ƒom la, kasia mekpɔ sikakaɖiti adre.


Ale míegakpɔ kpeɖodzi na Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe nyawo, eya ta anye nu dzeame ne mieɖo to wo, elabena ele abe ale si kekeli klẽna ɖe viviti me ene va se ɖe esime ŋkekea nava, eye ŋukeɣletivi la naklẽ ɖe miaƒe dziwo me.


Kekeli vavã si klẽna na amewo katã la gbɔna va xexea me.


“Miawoe nye xexea me ƒe kekeli. Womate ŋu aɣla du si le to dzi la o.


Kekeli vana ne woʋu go wò nyawo, eye nugɔmesese sua ame gblɔewo gɔ̃ hã si.


Wò nya la nye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye mɔ.


Woakpɔ akaɖi siwo le sikakaɖiti la dzi le Yehowa ŋkume la dzi ɣeawo katã ɣi.


Esi akaɖiawo le Yehowa ŋkume le ɖoɖoawo nu,


Emegbe la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖigbɛ adre ɖe alɔawo, ɖovulãnuawo kple dzowɔgagbɛawo siaa ŋu.


Mitrɔ ɖe nye nufiafia kple ɖaseɖiɖiwo ŋu. Ne nu siwo wogblɔ mesɔ kple nye nyawo o la, ekema kekeli alo nyateƒe aɖeke mele wo tɔwo me o.


Yehowa gblɔ na Mose be,


Aron wɔ esia. Eɖo akaɖigbea atiawo dzi ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na Mose nu tututu.


sikakaɖiti la, akaɖigbɛawo, wo ŋunuwo kple ami;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite