Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 4:4 - Agbenya La

4 “Esiawoe nye Kohat ƒe viwo ƒe dɔ le agbadɔ la me: nu kɔkɔetɔwo dzi kpɔkpɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Kehat viwo ƒe dɔ enye be, woakpɔ nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔeawo dzi le Mawu ƒe agbadɔ la me.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 4:4
11 Referans Kwoze  

Be woanɔ agbe, eye womaku o, ne wote ɖe nu kɔkɔewo ŋu la, miwɔ nu siawo na wo: Aron kple via ŋutsuwo ayi ɖe kɔkɔeƒe la, eye wòade dɔ si ame sia ame awɔ kple nu sia nu si wòakɔ la asi nɛ.


“Nye vava zi evelia anɔ abe ame aɖe si yi nugbe le anyigba didi aɖe dzi ene. Hafi wòadzo le aƒe ayi la, ede dɔ asi na eƒe dɔwɔla ɖe sia ɖe eye wògblɔ na eƒe agbonudzɔla be wòanɔ ŋudzɔ na yeƒe tɔtrɔ gbɔ.”


Xlẽ ŋutsu siwo katã xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe ƒe blaatɔ̃ le ame siwo va be yewoawɔ agbadɔ la ŋu dɔwo dome


“Gerson viwo ƒe dɔdeasie nye be woakɔ:


“Ne Aron kple via ŋutsuwo wu agbadodo kple nu kɔkɔeawo kple wo ŋunuwo katã nu vɔ, eye ameha la le klalo be yeaho adzo la, Kohat ƒe viwo ava akɔ agbawo. Ke womekpɔ mɔ aka asi nu kɔkɔeawo ŋu o, be womagaku o. Kohat ƒe viwo akɔ nu siwo katã le agbadɔ la me.


Mixlẽ ŋutsu siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le Agbadɔ la me.


Ne asaɖa la le hoho ge la, Aron kple via ŋutsuwo age ɖe Agbadɔ la me gbã. Woaɖe xɔmetsovɔ la, eye woatsɔe atsyɔ nubablaɖaka la dzi.


Kohat ƒe viwo kplɔ Gad ƒe to la ɖo. Woawoe tsɔa nu kɔkɔeawo. Wotua agbadɔ la ɖe teƒe yeyea hafi wova ɖona.


Wometsɔ tasiaɖamuawo kple nyitsuawo dometɔ aɖeke na Kohat ƒe viwo o, elabena woƒe dɔdeasie nye be woakɔ agbadɔ la ƒe akpa siwo woakɔ la ɖe abɔta.


Le esia megbe la, ema wo ɖe akpa gã etɔ̃ me. Etsɔ Levi ƒe vi etɔ̃awo ƒe ŋkɔwo na mamawo eye wozu Gerson ƒe ha, Kohat ƒe ha kple Merari ƒe ha.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite