Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 3:3 - Agbenya La

3 Wosi ami na wo katã, eye woɖo wo nunɔlawoe. Woɖe wo ɖe aga be woawɔ subɔsubɔdɔwo le Agbadɔ la me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Esiawo nye nunɔla Aron, amesi wòsi ami na heɖoe be, wòanye nunɔla asubɔ la, ƒe viŋutsuwo ƒe ŋkɔwo.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 3:3
10 Referans Kwoze  

Do awu siawo na Aron ƒe viŋutsuawo. Si ami ɖe ta na wo, eye nàto esia me akɔ wo ŋu, aɖo wo nunɔlawo be woasubɔm.


Mose tsɔ ami sisi la azɔ kple ʋu si wòhlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu la ƒe ɖe, eye wòhlẽe ɖe Aron kple via ŋutsuwo kple woƒe awuwo ŋu. Ale wòkɔ Aron kple via ŋutsuwo kple woƒe awuwo ŋu, be Yehowa nawɔ wo ŋu dɔ.


Emegbe la, eɖo Aron nunɔlae to amikɔkɔ ɖe ta me nɛ me, eye to esia hã me wòkɔ eŋu.


Elabena Mose ƒe Se la tɔ asi ame siwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la dzi be woanye nunɔlagãwo, ke Mawu ƒe atamkaka si va ɖe se la yome la tɔ asi Via dzi, ame si wòwɔ wòde blibo tegbetegbe.


eye nàsi ami na wo abe ale si nàsii na wo fofo ene, ale be woasubɔm abe nunɔlawo ene. Ami sisi sia atsi wo ŋu tegbetegbe, tso mavɔ me yi mavɔ me: wo viwo katã kple wo viwo ƒe viwo azu nunɔlawo nam tegbetegbe.”


Do awu kɔkɔewo na Aron eye nàsi ami nɛ, akɔ eŋu be wòasubɔm abe nunɔla ene.


Ke Nadab kple Abihu ku le Yehowa ŋkume le Sinai gbedzi esi wowɔ dzo makɔmakɔ ŋu dɔ le vɔsasa na Yehowa me. Esi vi aɖeke menɔ wo si o ta la, Eleazar kple Itamar koe susɔ akpe ɖe wo fofo, Aron ŋuti.


Le esia megbe la, ema wo ɖe akpa gã etɔ̃ me. Etsɔ Levi ƒe vi etɔ̃awo ƒe ŋkɔwo na mamawo eye wozu Gerson ƒe ha, Kohat ƒe ha kple Merari ƒe ha.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite