Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 19:3 - Agbenya La

3 Mitsɔe na nunɔla Eleazar, miana wòahee ayi asaɖa la godo, eye wòana ame aɖe nawui le eŋkume.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Miatsɔe na nunɔla Eleazar, eye wòana woakplɔe ayi asaɖa la godo, eye woawui le eŋku me.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 19:3
11 Referans Kwoze  

kple nyitsu la ƒe lã mamlɛa katã ayi asaɖa la godo, teƒe si ŋuti kɔ kple afi si wotsɔa afi ƒua gbe ɖo la, eye wòatɔ dzoe le nakedzo dzi le afi si woli kɔe la dzi.


Azɔ la, nunɔla la atsɔ nyitsu la ayi asaɖa la godo, eye wòatɔ dzoe le afi ma abe ame ɖeka ƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa wònye ene, evɔ la, nu vɔ̃ ŋuti vɔsa wònye ɖe dukɔ blibo la ta.


Ale wohee yi asaɖa la godo, eye wowui abe ale si Yehowa ɖo na wo ene.


“Ɖe gbe na Israelviwo be woaɖe ame siwo katã nye anyidzelawo kple ame siwo katã ŋu tsi ƒomevi aɖe le dodom le kple ame siwo katã gblẽ kɔ ɖo le ame kuku aɖe ta la ɖa le asaɖa la me.


Ke Nadab kple Abihu ku le Yehowa ŋkume le Sinai gbedzi esi wowɔ dzo makɔmakɔ ŋu dɔ le vɔsasa na Yehowa me. Esi vi aɖeke menɔ wo si o ta la, Eleazar kple Itamar koe susɔ akpe ɖe wo fofo, Aron ŋuti.


“Kplɔ busunyagblɔla la yi asaɖa la godo. Ame siwo katã se eƒe busunyagbɔgblɔ la ada asi ɖe eƒe ta dzi, eye takpelawo katã aƒu kpee.


Woatsɔ nyitsu kple gbɔ̃tsu si Aron tsɔ sa nu vɔ̃ vɔsa, eye wòtsɔ woƒe ʋu yi Teƒe Kɔkɔe la hena avuléle la ayi asaɖa la godo, eye woatɔ dzo wo kpe ɖe woƒe agbalẽ kple dɔmenuwo ŋu.


Ke atsɔ nyitsu la ƒe ayi kple eƒe lã katã, kpe ɖe eƒe ta kple afɔwo ŋu,


“Ekema ame si ŋu kɔ la, aƒo nyinɔ la ƒe afi nu ƒu, eye woadae ɖe teƒe si ŋuti kɔ le asaɖa la godo afi si woadzrae ɖo na Israelviwo abe afi si woaku tsi le ene hena nuŋukɔkɔ ƒe wɔnawo na nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite