Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 1:22 - Agbenya La

22 Woxlẽ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Simeon ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple woƒe aƒewo nu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Woxlẽ ŋutsu, siwo katã xɔ ƒe blave kple vɔ, eye woate ŋu ade aʋa te Simeon ƒe dzidzimeviwo dome la, ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 1:22
11 Referans Kwoze  

Simeon ƒe viŋutsuwo: Yemuel, Yamin, Ohad, Yakin, Zohar kple Saul. Kanaan nyɔnu aɖee nye Saul dada.


Edzo le wo gbɔ yi teƒe aɖe, afi si wòate ŋu afa avi le. Esi wòtrɔ gbɔ la, etɔ asi Simeon dzi, eye wòna woblae le eŋkume.


Eteƒe medidi hafi Lea gafɔ fu o. Egadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Simeon si gɔmee nye “Yehowa see,” elabena egblɔ be, “Yehowa see be womelɔ̃m o, eya ta wògana ŋutsuvi bubum.”


Ame siwo wotia, xlẽ le Ruben ƒe to la me le ame akpe blaene-vɔ-ade, alafa atɔ̃ (46,500).


Ame siwo wotia, xlẽ le Simeon ƒe to la me le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-asieke, alafa etɔ̃ (59,300).


Woakafu Yehowa, nye Agakpe la, ame si fia aʋawɔwɔ nye asi kple asibidɛwo.


wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Simeon ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Levi ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Isaka ƒe to la me,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite