Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 5:5 - Agbenya La

5 Le go siawo dometɔ ɖe sia ɖe me la, ele be wòaʋu eƒe nu vɔ̃ me,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eya dzɔ, ne amea ɖe ɖi fɔ le nusiawo dometɔ ɖeka me la, ekema wòaʋu vo, si wòda la me,

Gade chapit la Kopi




3 Mose 5:5
13 Referans Kwoze  

Nu medzea edzi na ame si ɣla eƒe nu vɔ̃ o, ke wokpɔa nublanui na ame si ʋu eƒe nu vɔ̃wo me eye wògbe nu le wo gbɔ.


Ele be wòaʋu eƒe nu vɔ̃ me eye wòaxe fe ɖe nu vɔ̃ si wòwɔ la ta. Gawu la, agbugbɔ nu la na nutɔ eye wòagatsɔ nu la ƒe home akpa atɔ̃lia ƒe ɖeka akpee na nutɔ la.


“Ke ne woaʋu woawo ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo kple wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo me, woƒe tsitretsitsi ɖe ŋunye kple woƒe fulélem si


Ada eƒe asi eveawo ɖe gbɔ̃tsu la ƒe ta dzi, eye wòaʋu Israelviwo ƒe nu vɔ̃wo katã me ɖe edzi. Adro woƒe nu vɔ̃wo katã ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, eye wòana ame aɖe si wotia da ɖi la nakplɔ gbɔ̃ la ayi ɖe gbedzi.


Elabena wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena ɖeɖekpɔkpɔ.


Yosua gblɔ na Akan be, “Vinye, tsɔ bubu na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, eye nàʋu nu vɔ̃ me; gblɔ nu si nèwɔ la nam.”


Medo gbe ɖa na Yehowa, nye Mawu eye meʋu nye nu vɔ̃ me be, “O Yehowa, Mawu gã si ŋu ŋɔdzi le, ame si léa lɔlɔ̃ ƒe nubabla me ɖe asi na ame siwo katã lɔ̃nɛ eye wowɔa eƒe sewo dzi,


‘Wò ya, dze si wò vodada elabena èdze aglã ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu; ètsɔ wò nunyonamewo ma na dzromawuwo le ati dama ɖe sia ɖe te eye mèɖo tom o.’ ” Yehowae gblɔe.


Tete meɖe nye nu vɔ̃wo fia wò, eye nyemetsyɔ nu nye dzidadawo dzi o. Megblɔ be, “Maʋu nye dzidadawo me na Yehowa”, eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒe yomedzenuwo kem. Sela


Tete wòvaa amewo gbɔ, gblɔna be, ‘Mewɔ nu vɔ̃ hedo vlo nu si le dzɔdzɔe gake nyemexɔ tohehe si medze na la o.


Ale nunɔla la alé avu ɖe enu le nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖe sia ɖe ta, eye Mawu atsɔe akee. Wɔ la ƒe mamlɛa azu nunɔla la tɔ abe ale si wowɔna le nuɖuvɔsa gome ene.’ ”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite