Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 27:3 - Agbenya La

3 ekema ɖe ŋutsu si xɔ tso ƒe blaeve yi blaade nu la ana klosalo kpekpeme kilogram afã ɖe Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ale nado asi lae enye si: Ne ame la nye ŋutsu le ƒe blave kple ƒe blaade dome la, ekema asi la nanye klosalo sekel kokoe blaatɔ̃;

Gade chapit la Kopi




3 Mose 27:3
10 Referans Kwoze  

Ga si ame sia ame si woxlẽ naxe la nye klosalo gram ade. Ke nu si woaxe la aku ɖe kɔkɔeƒe ga home si woabia tso wo si le ƒe ma me la ŋu. Woadzɔ nu sia na Yehowa.


Ne woxɔ ɣleti ɖeka la, ele na wò be nàƒle wo ta, eye wo taƒlegae nye klosalo gram blaade, le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu.


Ga homeawo katã nanɔ Kɔkɔeƒe la ƒe ga me: ga siwo katã woaxe la nanye esi dzi nunɔlawo ɖo kpee da ɖi.


Yoas gblɔ na nunɔlawo be, “Miƒo ƒu ga siwo katã wotsɔ vɛ na Yehowa abe nunana kɔkɔewo ene, ga si miekpɔ le amexexlẽ la me, ga si ka mia si, si nye amewo ƒe adzɔgbeɖeɖewo kple lɔlɔ̃nununana si amewo tsɔ va gbedoxɔ la me.


ele be nàxɔ klosaloga gram blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ta, ɖe kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu, si ƒe kpekpeme nye gram ewo.


“ ‘Ne ame aɖe tsɔ eƒe aƒe abe nu si ŋuti kɔ ene na Yehowa la, nunɔla la akpɔ aƒea ƒe nyonyo alo manyomanyo dzi ɖa. Ga home si ƒe asi nunɔla la ado ɖe aƒea ŋu la, nenema ko wòanɔ.


Eƒe fɔɖivɔsanu anye agbo si de blibo, eye eƒe home nade nu sia nu si nàbia tso esi la nu. Atsɔe vɛ na nunɔla si le Yehowa teƒe,


“Ne ame aɖe gblẽ kɔ ɖo, eye wòwɔ nu vɔ̃ le manyamanya me, ku ɖe Yehowa ƒe nu kɔkɔewo dometɔ aɖe ŋu la, abe tohehe ene la, alé agbo ɖeka le lãhawo dome vɛ na Yehowa, esi ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o la, eye eƒe home sɔ kple klosalo si wòle be wòana le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Enye fɔɖivɔsa na Yehowa.


Nenye be nyɔnue la, ana klosalo kpekpeme kilogram ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka.


Sika si katã ŋu dɔ wowɔ le Kɔkɔeƒe la tutu me hekpe ɖe sika si wotsɔ wɔ nunyevɔsa tɔ ŋu la le “tɔn” ɖeka, le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite