Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 26:5 - Agbenya La

5 Miaƒe luƒoƒo ayi edzi va se ɖe wainxaɣi, wainxaɣi ayi edzi va se ɖe nuƒãɣi, miaɖu nu siwo katã ahiã mi, eye mianɔ miaƒe anyigba dzi le dedinɔnɔ me,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Luƒoɣi adidi vaseɖe weinhaɣi, eye weinhaɣi adidi vaseɖe nuƒãɣi, eye míakpɔ abolo geɖe aɖu, eye mianɔ miaƒe anyigba dzi bɔkɔɔ.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 26:5
26 Referans Kwoze  

Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna,” “esime nukuxala maxa nuku vɔ hafi agbleŋlɔla nagadze agbleŋɔŋlɔ gɔme o, eye wainfiala mafia wain vɔ hafi woagadze waintiwo dodo gɔme o. Aha yeye atsyɔ le towo dzi, eye wòatsa le togbɛwo tame.


Miaɖu nu aɖi ƒo abe tsã ene eye miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la. Miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, ame si wɔ nukunu siawo katã na mi. Ŋu magakpe nye dukɔ azɔ o.


Yehowa aɖo eŋu be, “Kpɔ ɖa, mele bli, wain yeye kple ami ɖom ɖe mi be miaɖi ƒo. Nyemagawɔ mi mianye fewuɖunu na dukɔwo azɔ o.


Ke ame sia ame si ɖoa tom la, anɔ agbe le dedinɔnɔ me eye aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, mavɔ̃ na dzɔgbevɔ̃e o.”


Ana lãnyiƒe damawo mi hena miaƒe lãwo, eye miawo ŋutɔ miakpɔ nu aɖu, aɖi ƒo nyuie.


Gblɔ na kesinɔtɔ siwo le xexe sia me la katã be womegada wo ɖokuiwo, eye woaɖo ŋu ɖe woƒe ga si nu ava yi kpuie la ŋuti o; ke boŋ woƒe dada kple ŋuɖoɖo nanɔ Mawu gbagbe si naa nu siwo katã míehiã na míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ la mí fũu ɖeɖe ko ŋu.


ame siwo ŋu wotɔ kpɔ ɖo kple Mawu ƒe akpoxɔnu, to xɔse me va se ɖe esime woaɖe ɖeɖe si wodzra ɖo na nuwuwuɣeyiɣiwo la afia.


Ke hã la, medzudzɔ ɖaseɖiɖi tso eɖokui ŋuti o, elabena ewɔa nu nyuiwo na mí; enaa tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo kpakple nuŋeɣiwo, eye wòna nuɖuɖu geɖe mí hetsɔ dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũu.”


“O! Yerusalem, Yerusalem, wò du si me tɔwo wu nyagblɔɖilawo, eye woƒu kpe ame siwo Mawu ɖo ɖe wò. Medi zi geɖe be maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklo ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋalawo te ene, gake wogbe, womena mɔm o.


Le eƒe ŋkekewo me la, woaɖe Yuda eye Israel anɔ anyi le dedinɔnɔ me. Esiae nye ŋkɔ si woayɔ nɛ: Yehowa, Míaƒe Dzɔdzɔenyenye.


Yehowa ƒe ŋkɔ nye mɔ sesẽ, ame dzɔdzɔewo sina yia eme eye wonɔa dedie.


Yehowa, wòe nye míaƒe sitsoƒe le dzidzimewo katã me.


Mose gblɔ hã be mianya be, “Yehowae na lã mi le fiẽ me, eye wòna abolo si miehiã la mi le ŋdi me, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩwo le eŋuti. Ame kawoe mienye? Menye míawo ŋu miele liʋĩliʋĩ lĩm le o, ke boŋ Yehowa ŋue.”


Le ɣe ma ɣi me la, mabla nu le wò kple lã wɔadãwo, xeviwo, kple lã siwo tana la dome, maŋe dati kple yi, maɖe aʋawɔwɔ ɖa le anyigba dzi, eye ame sia ame anɔ anyi le ŋutifafa me.


Míaƒe avawo ayɔ fũu kple nuku vovovowo. Míaƒe alẽwo adzi ɖe edzi le akpewo kple akpe ewowo me le míaƒe lãnyiƒewo.


Ne mielɔ̃, eye mieɖo to la, miaɖu anyigba la ƒe nu nyuitɔwo.


Adɔ tsidzadza ɖa be wòade tsi nuku siwo mieƒã ɖe agble me. Nuɖuɖu si ado tso miaƒe agble me la anyo, eye wòasɔ gbɔ fũu. Le ŋkeke ma dzi la, wò nyihawo aɖu gbe le lãnyiƒe kekewo.


Mabla wò le anukwareɖiɖi me ɖe ɖokuinye ŋu, eye àva nya Yehowa wu tsã.”


Mi gbemelãwo katã, migavɔ̃ o, elabena lãnyiƒewo agada ama abe tsã ene. Atiwo agatse ku eye gbotiwo kple wainkawo agatse kplanyaa abe tsã ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite