Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 26:16 - Agbenya La

16 ekema nu si mawɔ mie nye: mado ŋɔdzi na mi kple asrã sesẽtɔ. Dɔléle aɖe fu na miaƒe ŋkuwo, eye gbɔdzɔgbɔdzɔ age ɖe miaƒe agbenɔnɔ me. Dzodzroe miaƒã miaƒe nukuwo, elabena miaƒe futɔwoe aɖu wo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 ekema nye hã mawo nu siawo mi, eye vovɔ̃ alé mi: Kpetri kple asrã ana miaƒe ŋkutome anyẽ ɖe me, eye miagbɔdzɔ: yakatsyɔ miaƒã nukuwo, elabena miaƒe futɔwo ava ha wo.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 26:16
35 Referans Kwoze  

ekema ame bubuwo neɖu nu siwo meƒã eye woneho nye nukuwo le bo dzi.


Mia dometɔ ɖe sia ɖe si nyemeɖe ɖa le nye vɔsamlekpui ŋgɔ o la atsi agbe, gake woana aɖatsi natsyɔ wò ŋkuwo dzi eye woahe dzigbagbã vɛ na wò. Ale wò dzidzimeviwo katã aku le woƒe ɖekakpui dzodzoe me.


Àƒã nu, ke màŋe nu o; àɖa ami, gake màkpɔ ami asi o; àfia waintsetse, ke màkpɔ wain ano o.


“Ame vi, gblɔ na Israel ƒe aƒe la be nya si gblɔm mele enye, ‘Míaƒe dzidadawo kple míaƒe nu vɔ̃wo zu agba na mí, eye wona míele tsɔtsrɔ̃m le wo ta. Ekema aleke míate ŋu anɔ agbee?’


Woava ɖu wò agblemenukuwo kple wò nuɖuɖu, woaɖu viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo. Woaɖu wò alẽhawo kple nyihawo, eye woaɖu wò waintsetsewo kple gbotiwo. Woatsɔ yi agblẽ wò du sesẽ siwo ŋu nèle ŋu ɖom ɖo.”


Ale wòna woƒe ŋkekewo wu nu nanekemakpɔkpɔe, eye woƒe ƒewo wu nu le ŋɔdzi me.


Woaɖu nu le wò aƒe me va se ɖe esime wò nyiwo, agblemenukuwo, bli, wain yeye, ami, nyiviwo kple alẽviwo navɔ keŋkeŋ.


Enye ŋɔdzinu be ame aɖe nage ɖe Mawu gbagbe la ƒe asi me.


Esiae nye dɔvɔ̃ si Yehowa akplɔ aƒu dukɔ siwo katã wɔ avu kple Yerusalem: woƒe ŋutilãwo aƒaƒã le esime wogale afɔ dzi le yiyim. Woƒe ŋkuwo avo ɖe tome na wo, eye woƒe aɖewo aƒaƒã ɖe nu me na wo.


Mieƒãa nuku taŋtaŋ gake nuku ʋɛ aɖewo ko mieŋena. Mieɖua nu gake meɖia ƒo na mi o. Mienoa nu gake meɖia kɔ na mi o, mietaa avɔ gake medea dzo lãme na mi o. Miexɔa fetu ke ɖeko mietsɔnɛ dea kotoku ŋɔŋɔ me.”


elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mawɔ wò nàzu ŋɔdzi na ɖokuiwò kple xɔ̃wòwo katã. Wò ŋutɔ wò ŋkuwo akpɔ ale si xɔ̃wòwo atsi woƒe futɔwo ƒe yi nue. Makplɔ Yuda katã ade asi na Babilonia fia, ame si aɖe aboyo wo ayi Babilonia alo awu wo kple yi.


Mana woƒe ahosiwo nasɔ gbɔ wu ƒutake. Le ŋdɔkutsu dzeati makplɔ nugblẽla vɛ, wòava ƒo ɖe ɖekakpuiwo dadawo dzi. Mahe vevesese kple ŋɔdzi va wo dzi kpoyi!


Woaƒã ƒo gake woaxa ŋu, woaku kutri gake womakpɔ naneke tso eme o. Eya ta, nuku siwo miexa la nakpe ŋu na mi le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la ta.”


Naneke masusɔ o, ke boŋ gamemewo kple ame siwo tsi aʋa ko, ke to esiawo katã megbe hã la, Yehowa ƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.


Azɔ wogblɔ na David ƒe aƒe la be, Siria wɔ ɖeka kple Efraim, eya ta Ahaz kple dukɔ la katã ƒe dzi ʋuʋu abe ale si ya ʋuʋua avemetiwoe ene.


Tia ame vɔ̃ɖi aɖe wòatso ɖe eŋu; eye na amenutsola natsi tsitre ɖe eƒe nuɖusime.


Aleke wohetsrɔ̃ kpata ale, ŋɔdzi kplɔ wo dzoe kaba ŋutɔ!


Eɖee do goe tso eƒe lãme eye wòho eƒe tsutsyɔeƒe le eƒe aklã me. Ŋɔdzi alée,


Ŋɔdzidodowo doa vodzi nɛ le akpa sia akpa eye wokplɔa eƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ɖo.


Gbe ɖeka la, Yehowa ƒe dɔla aɖe va nɔ anyi ɖe oɖumti la te le Ofra, le Yoas, Abiezritɔ la ƒe agble me. Yoaz ƒe vi, Gideon, ɣla eɖokui ɖe wainfiaƒe aɖe le vɔvɔ̃ na Midiantɔwo ta eye wònɔ lu klẽm kple asi.


Futɔwo ƒe yiwo le dua godo, eye ŋɔdzi alé ame le xɔ me. Adzi ŋɔ na ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, na vi nonowo kple amegãɖeɖiwo.


“Ne miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe, miawɔ nu si dza le eƒe ŋkume, eye miawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi la, ekema nyemana dɔléle siwo mena wova Egiptetɔwo dzi la nava mia dzi o, elabena nyee nye Yehowa, nyee daa gbe le mia ŋu.”


“Ne dɔ to le anyigba la dzi to dɔléle ƒe agblemenukuwo dzi dzedze alo ʋetsuviwo ƒe vava me, ne Israel ƒe futɔwo ɖe to ɖe Israel ƒe duwo dometɔ aɖe eye ne dɔvɔ̃ to le anyigba la dzi alo ne nu bubu ɖe sia ɖe na dɔ to le anyigba la dzi,


Yehowa ƒe fiƒode le ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe dzi, ke eyrana ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe aƒe dzi.


Yehowa ta eƒe ɖusibɔ kple eƒe alɔ sesẽ la be, “Nyemagatsɔ wò bli ana wò futɔwo wòanye nuɖuɖu na wo gbeɖe o, eye wain yeye si ŋuti nèku kutri ɖo la, nyemagana amedzrowo naxɔe ano o.


Yehowa be, “Maɖo nugblẽla ƒomevi ene ɖe wo: yi be wòawu ame, avu be wòahe wo adzoe, dziƒoxeviwo kple anyigbadzilã wɔadãwo be, woavuvu wo eye woatsrɔ̃ wo.


Mina miaƒe tablanu nanɔ ta na mi, eye miaƒe tokota nanɔ afɔ na mi; miaƒe nu vɔ̃wo ta, eye miaɖe hũu le mia ɖokuiwo dome.


“ ‘Kpɔ ɖa, le miawo ta la, maka ŋkume na miaƒe dzidzimeviwo, eye matsɔ lã siwo mietsɔ vɛ nam la ƒe afɔdzi ahlẽ ɖe mo na mi, eye matsɔ mi aƒu gbe ɖe aɖukpo dzi.


Esi miefanya ame dahewo kple afɔ, eye mieba wo le blidzɔxɔxɔ me ta la, mianɔ kpexɔ nyui siwo tum miele la me alo ano wain tso waingble siwo dem miele la me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite