Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 26:11 - Agbenya La

11 Manɔ mia dome; mianye ŋunyɔnu nam o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Maɖo nye nɔƒe ɖe mia dome, eye nyemanyɔ ŋu mi o.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 26:11
27 Referans Kwoze  

elabena medi be Israelviwo natu nɔƒe kɔkɔe aɖe nam, afi si manɔ le wo dome.


Tete mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be, “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe nɔƒe le amegbetɔwo dome azɔ, eye wòanɔ wo gbɔ. Woanye eƒe dukɔ, Mawu ŋutɔ anɔ wo gbɔ, eye wòanye woƒe Mawu.


Manɔ Israelviwo dome, manye woƒe Mawu,


Le eya amea me la, wowɔ miawo hã ɖekae be miazu nɔƒe si Mawu anɔ to eƒe Gbɔgbɔ la me.


eya ta Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋuti, eye wònyɔ ŋu eƒe domenyinu.


Eƒe agbadɔ le Salem, eye eƒe nɔƒe le Zion.


Migawɔ dukɔ siwo manya ɖa le mia ŋgɔ la ƒe kɔnuwo o, elabena nu tovo siwo katã ŋu mede se na mi le la, woawoe wowɔna. Nu sia tae melé fu wo ɖo.


“Ke, ɖe Mawu ate ŋu anɔ anyigba dzia? Dziƒowo kple dziƒo kɔkɔtɔwo kekeake hã melolo na wò, hafi gbedoxɔ sia nasu na wò o!


Metu gbedoxɔ nyui aɖe na wò, si me nànɔ tegbee.”


Ne miehiã vɔsamlekpui, elabena wogblẽ kɔ ɖo na miaƒe anyigba ta la, ekema miva kpe mí le míaƒe nɔƒe le tɔsisi la godo, afi si Yehowa le mía dome le, le eƒe Agbadɔ la me, eye míama míaƒe anyigba na mi. Ke migadze aglã ɖe Yehowa ŋu to vɔsamlekpui bubu tutu me kpe ɖe míaƒe Mawu ƒe vɔsamlekpui vavã ɖeka la ŋu o.


Aƒetɔ la gbe nu le eƒe vɔsamlekpui kple eƒe kɔkɔeƒe la gbɔ. Etsɔ eƒe fiasãwo ƒe gliwo de asi na eƒe futɔwo eye wodo ɣli sesĩe le Yehowa ƒe gbedoxɔ me abe le ŋkekenyuiɖugbe ene.


Le wò ŋkɔ la ta, mègaɖe kɔ ɖa le mía ŋu o; mègaɖe bubu le wò ŋutikɔkɔefiazikpui la ŋuti o. Ɖo ŋku nu si nèbla kpli mí la dzi eye mègatui o.


Yehowa kpɔ nu si wɔm Israel le; elé fu Israel ŋutɔŋutɔ. Via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo do vloe.


Le ɣleti ɖeka me la, meɖe alẽkplɔla etɔ̃ katã ɖa. Alẽha la lé fum, eye woƒe nu ti kɔ nam.


Esi Mawu se wo ŋkɔ la, dzi kui vevie ŋutɔ, eye wògbe Israel keŋkeŋ.


Eya ta, “wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ ɖo, eye wosubɔnɛ le eƒe gbedoxɔ me zã kple keli, eye ame si nɔ fiazikpui la dzi la akeke eƒe agbadɔ ɖe wo dzi.


eye woanya be, nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la. Mekplɔ wo tso Egipte ale be mate ŋu anɔ wo dome. Nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la.”


ke boŋ miagbe nye ɖoɖowo la,


elabena ele be anyigba la nagbɔ ɖe eme le esime amewo dzo le edzi. Ekema, mlɔeba la, woaxɔ woƒe tohehe le nye seawo dzi mawɔmawɔ kple woƒe vlododo nye dziɖuɖu ta.


Ke togbɔ be wowɔ nu siawo katã hã la, nyematsrɔ̃ wo kple nubabla si mewɔ kpli wo la ɖikaa o, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu.


Finehas si nye Eleaza vi gblɔ na wo be, “Míenya egbe be, Yehowa le mía dome, elabena míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu abe ale si míebu ene o, ke boŋ mieɖe mí tso tsɔtsrɔ̃ me!”


Afi sia afi si meɖe zɔ kple Israelviwo yi la, ɖe megblɔ na woƒe kplɔla siwo mede se na be woakplɔ nye dukɔ la dometɔ aɖe kpɔ be, “Nu ka ŋutie mietu sedatixɔ nam o mahã?” ’


Manɔ Israelviwo dome eye nyemagblẽ wo ɖi akpɔ o.”


Mianyae be mele afii le nye dukɔ Israel dome, eye mianyae hã be nye Yehowa, ɖeka hɔ̃ɔ koe nye miaƒe Mawu. Ŋu magakpe nye dukɔ la azɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite