Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 19:3 - Agbenya La

3 “ ‘Ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe nabu fofoa kple dadaa, eye miaɖo ŋku nye Dzudzɔgbewo dzi. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Amesiame nayɔ dada kple fofoa, eye miaɖo ŋku nye dzudzɔgbewo dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!

Gade chapit la Kopi




3 Mose 19:3
31 Referans Kwoze  

Bu fofowò kple dawò be nànɔ agbe didi le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi.


Ɖo ŋku Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe.


Gawu la, anyigbadzifofowo le mía si, ame siwo naa hehe mí, eye míetsɔ bubu na wo ɖe eta. Ke hã la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe mía Fofo gbɔgbɔmetɔ te ɣe sia ɣi be míanɔ agbe!


“Ŋku si ɖua fewu le fofoa ŋu, eye wòdoa vlo bubudede dadaa ŋu la, balime ƒe akpaviãwo ahoe le etome, eye akagawo aɖui.


Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Minɔ dzadzɛe le nu siawo ŋuti, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔe menye. Eya ta migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to asikaka nu siwo tana le anyigba la dometɔ aɖeke ŋu me o.


“Ne èhe ɖe megbe tso Dzudzɔgbe ŋkeke la gbegblẽ gbɔ, ne mèwɔ nu si dze ŋuwò le ŋkeke kɔkɔe la dzi o, ke boŋ nèkpɔ dzidzɔ le Dzudzɔgbe ŋkeke la ŋu, eye nède bubu Yehowa ƒe ŋkeke kɔkɔe la ŋu, ne ède bubu eŋu, mèlé wò mɔ tsɔ o, ne mèwɔ nu si dze ŋuwò, alo gblɔ nya dzodzrowo o la,


“Ame aɖewo li, siwo doa ɖiŋu na wo fofowo eye womeyraa wo dadawo hã o;


Ɖo to fofowò, ame si dzi wò eye mègado vlo dawò ne eku nyagã o.


“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si ado vlo fofoa alo dadaa la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen!”


“Ele be woawu ame sia ame si ado vlo dadaa alo fofoa alo aƒo fi ade wo dometɔ aɖe.


“Ele be woawu ame sia ame si aƒo fofoa alo dadaa.


Miɖo ŋku edzi be, Yehowae na Dzudzɔgbe ŋkeke la mi; esia tae wòna ŋkeke eve ƒe abolo mi le ŋkeke adelia gbe. Ame sia ame nenɔ afi si wòle le ŋkeke adrelia gbe; ame aɖeke megado go o.”


“Viŋutsu dea bubu fofoa ŋuti eye kluvi ɖoa bubu na eƒe aƒetɔ; ekema ne nyee nye mia fofo la, afi ka nye bubu le? Ne nye nyee nye miaƒe Aƒetɔ la, nu ka ta mievɔ̃am o? Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “O, mi nunɔlawoe ƒo ɖi nye ŋkɔ. “Gake mieɖe ɖeklemi be, ‘Ɣe ka ɣi míeƒo ɖi wò ŋkɔ kpɔ?’


Kpe ɖe esia ŋu la, metsɔ nye Dzudzɔgbewo na wo abe dzesi si le mía dome ene, ale be woanya be, Yehowae wɔ wo wozu kɔkɔe.


“ ‘Miwɔ nye Dzudzɔgbe ƒe sewo dzi, eye miade bubu nye Agbadɔ ŋu, elabena nyee nye Yehowa.


Vinye, ɖo to fofowò ƒe nuxɔxlɔ̃ eye mègagbe nu le dawò ƒe nufiame gbɔ o.


“ ‘Milé se si ku ɖe nye Dzudzɔgbe ŋuti la me ɖe asi, eye miade bubu nye Agbadɔ la ŋu, elabena nyee nye Yehowa.


“ ‘Esiawo akpe ɖe miaƒe dzudzɔgbewo ŋuti, dzudzɔgbe siawoe nye kɔsiɖa la ƒe ŋkeke adrea gbe, eye wònye ŋkeke siwo dzi miadzudzɔ le ɣe sia ɣi le miaƒe aƒewo me; miakpe ta asubɔm, eye miadzudzɔ tso miaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔwɔ me.


Bu fofowò kple dawò. Ɖo ŋku edzi be esiae nye Yehowa, wò Mawu la ƒe se. Ne èwɔ ɖe edzi la, ànɔ agbe didi, eye wòadze edzi na wò le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi.


Tete Yosef ɖe wo ɖa le Israel ƒe atata, eye wòde ta agu, tsyɔ mo anyi.


Ƒe atɔ̃lia ƒe kutsetsewoe nye mia tɔ. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu.


“ ‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo gbɔ dede me o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.


Ele be mialé be na wo abe mia ɖokuiwo ene, eye miaɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu!


Ède Se na wo tso Dzudzɔgbe kɔkɔe la ŋu, ède Seawo na wo to wò dɔla, Mose dzi be woawɔ wo katã dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite