Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




3 Mose 19:2 - Agbenya La

2 “Ƒo nu na Israel ƒe ƒuƒoƒo blibo la, eye nàgblɔ na wo be, ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye, Yehowa, miaƒe Mawu, mele kɔkɔe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ƒo nu kple Israel ƒe ha blibo la, eye nagblɔ na wo bena: Ame kɔkɔewo mianye, elabena nye Yehowa, mia Mawu la, mele kɔkɔe.

Gade chapit la Kopi




3 Mose 19:2
20 Referans Kwoze  

“ ‘Eya ta mikɔ mia ɖokuiwo ŋu, eye mianɔ kɔkɔe, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.


Eya ta mizu blibo abe ale si mia Fofo si le dziƒo la le bliboe ene.”


Ele be mianye ame kɔkɔewo nam, elabena nye Yehowa la, kɔkɔetɔe menye, eye meɖe mi ɖe aga tso dukɔ bubuwo me tɔwo katã gbɔ be mianye tɔnyewo.


Gawu la, mianye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe aɖe nam.’ Nya siawo nàgblɔ na Israelviwo.”


Mibu wo be wole kɔkɔe, elabena woawoe tsɔa miaƒe Mawu la ƒe Nuɖuɖunana. Mibu wo kɔkɔe, elabena nye Yehowa mele kɔkɔe, nye ame si wɔ mi miele kɔkɔe.


Ke azɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, esi Mawu do ŋugbe gã siawo na mí ta la, mina míadzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ, eye míate ɖa xaa tso nu siwo ƒoa ɖi míaƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ la gbɔ, eye míanɔ agbe kɔkɔewo to Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, alé eƒe nyawo me ɖe asi sesĩe.


elabena aleke ame eve ate ŋu azɔ ɖekae ne womeɖo gbe ɖi o?”


Etia mí le eya amea me hafi wɔ xexea me be míanye ame kɔkɔewo kple ame siwo ŋu fɔɖiɖi mele o la le eƒe ŋkume.


“Esi miele kɔkɔe, eye mienye nye dukɔ tɔxɛ ta la, migaɖu lã aɖeke si lã wɔadã aɖe wu o. Migblẽ lã sia ƒe kukua ɖi na avuwo woaɖu.”


Yehowa gblɔ na Mose be,


Yosua ɖo eŋu na ameawo be, “Miate ŋu asubɔ Yehowa o, elabena Mawu le kɔkɔe, eye wòʋãa ŋu, matsɔ miaƒe aglãdzedze kple nu vɔ̃wo ake mi o.


“Ame aɖeke mele kɔkɔe abe Yehowa ene o! Bubu aɖeke megali o kpe ɖe ŋutiwò o. Eye Agakpe aɖeke meli abe míaƒe Mawu ene o.


Wonekafu wò ŋkɔ gã, dziŋɔ la, eya amea le kɔkɔe.


elabena mele be wòanye fofo na ɖevi siwo nyɔnu si wòɖe la kplɔ va atsuƒee o; nu sia aɖi gbɔ̃ eya ŋutɔ ƒe viwo le eƒe amewo dome, elabena nyee nye Yehowa, ame si wɔe kɔkɔe.’ ”


gake mekpɔ mɔ ayi xɔmetsovɔ la godo alo ate ɖe vɔsamlekpui la ŋu o, le eƒe nuwɔametɔnyenye ta, ale be magaƒo ɖi nye teƒe kɔkɔe la o, elabena Yehowae kɔ eŋuti.’ ”


eya ta ele be nàdze se siwo katã mede na wò la dzi wɔwɔ gɔme egbea.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite