Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 5:9 - Agbenya La

9 Ale David va nɔ mɔ la me hena ŋkɔe be, “David Ƒe Du.” Ekeke dua ɖe edzi tso Milo xoxoa ɖo ta du si li fifia la titina.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye Dawid va na mɔ̃ la me hena ŋkɔe be Dawid ƒe du; eye Dawid ɖo gli ƒo xlãe va kpe tso Milo to anyigba gome.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 5:9
16 Referans Kwoze  

Fia Solomo ɖe Farao ƒe vinyɔnu tso David ƒe du ƒe afi si nye Yerusalem ƒe akpa xoxotɔ la me yi xɔ yeye si wòtu nɛ le fiasã me la me. Emegbe la, etu Milo mɔ la hã.


Fia Solomo zi amewo dzi wotu gbedoxɔ, fiasã, Milo mɔ, Yerusalem ƒe gliwo kple Hazor, Megido kple Gezer duwo katã.


Emegbe la, Hezekia gbugbɔ teƒe siwo duawo ƒe gliwo gbã le la tu hegaglã teƒe bubuwo eye wògaɖo gli bubu ɖe gbãtɔ godo. Egbugbɔ Milo mɔ la glã le David ƒe Du la me eye wòwɔ aʋawɔnu kple akpoxɔnu geɖewo.


Ale si wòtso ɖe Fia Solomo ŋue nye esi: Solomo tu Milo mɔ eye wònɔ fofoa, David ƒe du la ƒe gliwo dzram ɖo.


Ke David kple eƒe amewo ɖu wo dzi eye woxɔ Zion mɔ sesẽ la si woyɔna azɔ be, “David Ƒe Du.”


Ekeke du la ɖe edzi ƒo xlã mɔ la le esime Yoab gbugbɔ Yerusalem ƒe akpa mamlɛa tu.


Ke ne miewɔ nu dzɔdzɔe ɖe Gideon ŋu o la, ekema Abimelek natsrɔ̃ Sekemtɔwo kple Betmilɔt ƒe amewo eye woawo hã natsrɔ̃ Abimelek!”


Esia megbe la, Sekemtɔwo kple Betmilɔtɔwo wɔ takpekpe gã aɖe le oɖumti la te le Sekem eye woɖo Abimelek fiae.


David gblɔ gbe ma gbe be, “Ele be ame sia ame si aɖu Yebusitɔwo dzi la, nato tɔtsoƒe aɖo ‘xɔdrɔ̃ kple ŋkugbãtɔ mawo’ ame siwo nye David ƒe futɔwo la gbɔ.” Eya ta wogblɔna be, “ ‘Ŋkuagbãtɔwo kple xɔdrɔ̃wo’ mage ɖe fiasã la me o.”


Eŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowui le fiasã la me le Bet Milo, le Sila mɔ dzi.


Wotso Yerusalem, eye nèle abe du si tsyia ɖe wo nɔewo nu ene.


Baba na wò, Ariel, Ariel du gã, si me David nɔ. Tsɔ ƒe kpe ɖe ƒe ŋu, eye na wò azãɖuɖuwo nanɔ edzi yim ɖaa.


Nu sia na David ɖo ta me be yemakɔe ayi eɖokui gbɔ le David ƒe Du la me o, eya ta ekɔe yi ɖada ɖe Obed Edom, ame si tso Git la ƒe aƒe me.


Ale David ku eye woɖii ɖe Yerusalem, David ƒe du la me.


Ame siwo wui la woe nye: Yozakad, Simeat ƒe vi kple Yehozabad, Somer ƒe vi. Ame eve siawo nye fia la ƒe dɔla nuteƒewɔlawo hafi! Woɖii ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem eye via Amazia ɖu fia ɖe eteƒe.


Salum, Kol Hoze ƒe vi, ame si kpɔa Mizpa nuto la dzi la wɔ dɔ le Tsidzidzigbo la ŋu. Egbugbɔe tu, gbae, hede ʋɔtru, ʋɔtruŋugawo kple ʋɔmedegawo wo ŋu. Azɔ la, egbugbɔ gli la ɖo tso Siloam Ta la ŋu yi fia la ƒe abɔ gbɔ kple atrakpui siwo ɖiɖi tso Yerusalem ƒe akpa si nye Fia David ƒe du la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite