Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 22:4 - Agbenya La

4 “Meyɔ Yehowa, ame si dze na kafukafu, eɖem tso nye futɔwo katã ƒe asi me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Meyɔ Yehowa, amesi dze bubu, eye medo tso nye futɔwo si me.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 22:4
20 Referans Kwoze  

Meyɔ Yehowa, ame si dze na kafukafu, eɖem tso nye futɔwo katã ƒe asi me.


Wole ha dzim kple gbe sesẽ be, “Alẽvi si wowu la, eyae dze, be wòaxɔ ŋusẽ, kesinɔnu, nunya kple ŋutete, kple bubu, ŋutikɔkɔe kple kafukafu.”


elabena, “Ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la akpɔ ɖeɖe.”


Esi wòtrɔ to ɖe gbɔnye ta la, mayɔe zi ale si mele agbe.


Elabena Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ; ele be woavɔ̃e wu mawuwo katã.


Yehowa lolo, eye eya koe dze kafukafu le míaƒe Mawu la ƒe du me, le eƒe to kɔkɔe la dzi.


“Míaƒe Aƒetɔ kple Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã; wò lɔlɔ̃nue nètsɔ wɔ woe, eye wò lɔlɔ̃nue na be wole agbe.”


Masa akpedavɔ na wò, eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.


Makɔ xɔxɔ ƒe kplu la ɖe dzi, eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.


Tete meyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ be, “O! Yehowa, ɖem!”


Ame kae ate ŋu aɖe gbeƒã Yehowa ƒe nu dzɔatsu siwo wòwɔ alo akafui wòade go?


Midzi eƒe ŋkɔ ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ha; mikafu Mawu ƒe gãnyenye!


Ekema nye futɔwo atrɔ adzo, ne meyɔ wò be nàxɔ nam. To esia me la, manya be Mawu nye tɔnye.


Ke meyɔ Mawu, eye wòtɔ nam, heɖem.


Miyɔm le xaxagbe, maɖe mi, eye miade bubu ŋutinye.”


Hiãtɔ sia yɔe, eye Yehowa ɖo toe, heɖee le eƒe xaxawo katã me.


Levitɔwo ƒe kplɔlawo gblɔ na ameawo be, “Mitsi tsitre miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la, elabena eli tso mavɔ me yi mavɔ me. Mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la! Elolo sãa wu nu si míate ŋu abu kple ale si míate ŋu agblɔ!” Kplɔla siawoe nye Yesua, Kadmiel, Bani, Hasabneia, Serebia, Hodia, Sebania kple Petahia.


Esi wode asi kafukafuha la dzidzime ko la, Yehowa na Amon ƒe viwo kple Moab ƒe viwo kple Seir ƒe to la ƒe aʋakɔwo de asi aʋawɔwɔ me kple wo nɔewo eye wowu wo ŋutɔwo ƒe amewo!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite