Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 2:5 - Agbenya La

5 eɖo du ɖe wo be, “Yehowa nayra mi le ale si miewɔ nuteƒe na miaƒe aƒetɔ eye mieɖii kple bubu la ta.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Tete Dawid ɖɔ amewo ɖo ɖe Yabes-Gileadtɔwo gblɔ na wo bena: Yehowa ayra mi, elabena mieve miaƒe aƒetɔ Saul nu, eye mieɖii!

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 2:5
16 Referans Kwoze  

Saul gblɔ be, “Yehowa ayra mi be miewɔ dɔmenyo gã sia nam!


Yehowa neyra mi, eya dziƒo kple anyigba Wɔla.


Ne ame aɖe do go eƒe futɔ la, ɖe wòɖea asi le eŋu wòdzona nuvevimawɔmawɔea? Yehowa neɖo nyui sia teƒe na wò geɖe, ɖe nu si nèwɔ nam egbea la ta.


Naomi gblɔ na lɔ̃xoyɔvia be, “Yehowa neyrae! Medzudzɔ agbagbeawo kple kukuawo nu veve kpɔ o. Ŋutsu la nye míaƒe ƒometɔ ŋutɔŋutɔ, eye wònye ƒometɔ siwo wòle be woakpɔ mía dzi la dometɔ ɖeka.”


Boaz do ɣli be, “Meda akpe na Mawu ɖe ɖetugbi abe wò ene ta, elabena ègale Naomi nu vem fifia wu tsã gɔ̃ hã. Eme kɔ ƒãa be ŋutsu aɖe si metsi abe nye ene o, eɖanye ame dahe alo hotsuitɔ o, eyae anyo na wò wu hafi. Ke èɖe asi le ɖokuitɔdidi ŋu, ale be nàɖem, eye nàdzi domenyila na Naomi.


Ke esi wonɔ mɔa dzi yina la, Naomi trɔ eƒe susu, eye wògblɔ na lɔ̃xoyɔvi eveawo be, “Mitrɔ miayi aƒe le mia dzilawo gbɔ. Yehowa nave mia nu abe ale si miewɔ nyui na mia srɔ̃wo kple nye ŋutɔ ene.


Eye wobia be, “Israel ƒe to ka me tɔwoe meva takpekpea me le Yehowa ŋkume le Mizpa o?” Wokpɔe be, ame aɖeke metso Yabes Gilead va asaɖa la me na takpekpe la o.


Esi Samuel va kpɔ Saul la, Saul do gbe nɛ dzidzɔtɔe hegblɔ nɛ ne, “Mewɔ nu siwo katã Yehowa ɖo nam!”


eye wòyra Abram gblɔ be, “Mawu Dziƒoʋĩtɔ, dziƒo kple anyigba wɔla nayra Abram,


Abram ɖo eŋu nɛ be, “Mele adzɔgbe ɖem na Yehowa, Mawu Dziƒoʋĩtɔ, ame si wɔ dziƒo kple anyigba la


Amedzroawo lɔ̃, eye wodo ŋugbe nɛ be, “Ne màfia mía yomemɔ o la, ekema míakpɔ egbɔ be wò kple wò ƒometɔwo katã mianɔ dedie.


Le ɣeyiɣi sia me la, Nahas kplɔ Amonitɔwo ƒe aʋakɔ eye woho aʋa ɖe Israelviwo ƒe du Yabes Gilead ŋu. Yabestɔwo bia ŋutifafa heɖe kuku be, “Migawɔ aʋa kpli mí o; míelɔ̃ be míazu miaƒe subɔlawo boŋ.”


Saul ɖo du ɖe Yabes Gileadtɔwo be, “Míaɖe mi tso miaƒe futɔwo si me hafi etsɔ ɣetrɔ naɖo!” Dua me tɔwo tso aseye esi wose nya sia.


Etsɔ ko nèva! Egbe la, ɖe mana nàtsa tsaglalã kpli mí, le esime nyemenya afi si yim nye ŋutɔ mele oa? Trɔ kple wò amewo. Amenuveve kple nuteƒewɔwɔ nanɔ kpli mi.”


eyi ɖaxa Saul kple Yonatan ƒe ƒuwo le Yabes Gileadtɔwo gbɔ. Yabes Gileadtɔwo fi wo le ablɔ me le Bet Sean, afi si Filistitɔwo tsi woƒe kukuawo ɖo le gbe si gbe wowu Saul le Gilboa to la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite