Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 16:2 - Agbenya La

2 Fia la bia Ziba be, “Nu ka míawɔ kple nu siawo?” Ziba ɖo eŋu be, “Tedziawo nye wò amewo tɔ be woanɔ dodom, aboloawo kple kutsetseawo nye ɖekakpuiawo ƒe nuɖuɖu. Ne ɖeɖi te ŋuwòme aɖe ŋu le gbegbea la, wòano wain la.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Fia la bia Ziba bena: Nuka nèbe, yeawɔ nu siawoe? Ziba ɖo ŋu be: Tedziawo nye fia la ƒe aƒea to, ne woaɖo; aboloawo kple kutsetse kpoawo nye ɖekakpuiawo tɔ, ne woaɖu; eye wein la nye amesiwo ŋu ɖeɖi te le gbedzi la to, ne woano.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 16:2
13 Referans Kwoze  

anyitsi, nyinotsi babla, alẽwo kple akpɔnɔ si wowɔ kple nyinotsi la hã vɛ na David kple eƒe amewo be woaɖu. Wogblɔ be, “Dɔ le ameawo wum, ɖeɖi te wo ŋu eye tsikɔ hã le wo wum le gbegbea.”


Via ŋutsu blaetɔ̃awo doa tedzi ɖia tsa eye du blaetɔ̃ nɔ wo si le Gileadnyigba dzi, afi si wogayɔna egbegbe be, “Yair duwo.”


“Israelviwo katã, hotsuitɔwo kple ahetɔwo siaa, hotsuitɔ siwo doa tedzi ɣiwo ɖoa afɔ afɔɖodzinu xɔasiwo dzi kple ame dahe, afɔzɔlawo siaa, mikpe ta, miakafui.


“Ne mia detɔwo bia wò be, ‘magblɔ nu si nèfia to esia me na mí oa?’ la,


Eɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ kple nye fia, nye subɔla Zibae blem. Megblɔ nɛ be, bla akpa na nye tedzi nam ale be mate ŋu ayi kple fia la! Wò ŋutɔ ènya be tekunɔe menye.


Ame sia ame lé blanui le dua me esime fia la kple eƒe amewo va yina. Wotso Kidron tɔʋu la eye woɖo ta gbegbe la.


Emegbe la, Absalom ƒle tasiaɖam nyui aɖe kple sɔwo eye wòdi ame blaatɔ̃ siwo anɔ du ƒum le eŋgɔ.


Azɔ la, xɔ nunana siwo metsɔ vɛ na nye aƒetɔ la, na wò kple ɖekakpuiawo.


Ke ame aɖe gblɔ nɛ be fofoa, Saul, ƒo fi de ame sia ame si aɖu nane gbe ma gbe la, evɔ dɔwuame na ame sia ame gbɔdzɔ hafi.


Esau bia be, “Lãha kawoe nye esiwo kpɔm mele?” Yakob ɖo eŋu be, “Woawoe nye nye nunanawo na wò nye aƒetɔ be nàve nunye.”


eye Abimelek bia Abraham be, “Alẽvi adre siawo nèɖe ɖe aga la gɔme ɖe?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite