Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Samuel 12:4 - Agbenya La

4 “Gbe ɖeka la, amedzro aɖe va dze kesinɔtɔ la. Le esime kesinɔtɔ la nalé alẽ ɖeka tso eya ŋutɔ ƒe alẽ gbogboawo dome awu na amedzroa teƒe la, elé ame dahe la ƒe alẽ ɖeka ma, wui eye wòtsɔe ɖa nue na amedzro la.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke esi mɔzɔlaa ɖe va dze kesinɔtɔa la, eƒe alẽwo kple nyiwo dometɔ ɖeka lelé ɖa na amedzro, si va dze egbɔ la vee, eye wòlé ame dahe la ƒe alẽvia heɖa na ŋutsu, si va dzee.

Gade chapit la Kopi




2 Samuel 12:4
6 Referans Kwoze  

Ke boŋ ame sia ame ƒe didi vɔ̃woe tenɛ kpɔ, eye woblea enu hehenɛ dzonae.


Esi wòkpɔ be amedzroawo dro ɖe ablɔme la, ebia afi si wotso kple afi si woyina la wo.


ke alẽvi ɖeka pɛ koe nɔ ame dahe la ya si eye eya kple viawo kpɔa dzidzɔ le alẽvi la ŋu ŋutɔ. Ame dahe la nana alẽvi la ɖua nu le eya ŋutɔ ƒe agba me eye wònoa nu le eƒe kplu nu. Elénɛ ɖe abɔ abe via nyɔnuvie wònye ene.


David do dɔmedzoe eye wòka atam be, “Meta Yehowa ƒe agbe be ame si wɔ nu sia la dze na ku!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite