Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 9:3 - Agbenya La

3 ekema Yehowa ƒe asi ahe dɔvɔ̃ dziŋɔ aɖe ava miaƒe lãha siwo le gbedzi la dzi, ava miaƒe sɔwo, tedziwo, kposɔwo, nyiwo kple alẽwo kple gbɔ̃wo siaa dzi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 ekema Yehowa ƒe asi alé wò lãha, siwo le gbedzi, eye adza sesẽa ɖe aƒo sɔwo, tedziwo, kposɔwo, nyiwo kple alẽwo.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 9:3
9 Referans Kwoze  

Ke le esiawo megbe hã la, Farao maɖo to wò o. Ekema mana nye asi nava Egiptetɔwo dzi, mabu fɔ wo kple nukudɔ geɖewo, eye makplɔ nye amehawo, nye dukɔ, Israel, adzoe le Egiptenyigba dzi.


Azɔ Mawu ahe to na wò, eya ta wò ŋkuwo agbã, ale be màgate ŋu akpɔ ɣe ƒe keklẽ o hena ɣeyiɣi aɖe.” Enumake Elima ƒe ŋku dzi tsyɔ̃ eye wòde asi asitsatsa le yame me henɔ kuku ɖem be ame aɖe nalé yeƒe alɔnu afia mɔ ye.


gake miaƒe ŋku nanɔ eŋuti. Nenye be eyi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi ɖo ta Bet Semes la, ekema Yehowae he dɔvɔ̃ sia va mía dzii. Gake ne mewɔe nenema o la, ekema míanyae be menye eƒe asie ƒo mí o, ke boŋ nane koe wònye va dzɔ ɖe mía dzi.”


Akunyawɔlawo gblɔ na Farao be, “Esia nye Mawu ƒe asinudɔ.” Ke Farao gasẽ dzi me kokoko: meɖo to wo o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene.


Mose kple Aron woƒoe ɖe Farao nu be, “Hebritɔwo ƒe Mawu la do go mí, ele be míayi aɖanɔ gbedzi ŋkeke etɔ̃, eye míasa vɔ na Yehowa, míaƒe Mawu la le afi ma. Ne míeɖo to eƒe gbe o la, dɔvɔ̃ awu mí alo míatsi futɔwo ƒe yi nu.”


Ɖe wò tohehe si le dzinye la ɖa; wò asi va dzinye kple ŋusẽ ale metsi anyigba.


“Mena dɔvɔ̃wo va dze mia dzi abe esiwo mehe va Egiptetɔwo dzi le blema ene. Mena mia viwo tsi aʋa, eye menya miaƒe sɔwo de gbe. Ame kukuwo na miaƒe asaɖa me le ʋeʋẽm kũu, gake miegbe, mietrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.


Ale wotsɔ woƒe nyiwo vɛ na Yosef, eye woxɔ nuɖuɖu ɖe wo teƒe. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Egiptetɔwo ƒe sɔwo, alẽwo, nyiwo kple tedziwo katã zu Farao tɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite