2 Mose 8:3 - Agbenya La3 Akpɔkplɔwo asɔ gbɔ ɖe Nil tɔsisi la me. Woava ge ɖe wò fiasã la me, age ɖe wò xɔdɔme me, woage ɖe wò abati dzi, woage ɖe wò dumegãwo ƒe aƒewo me, eye woage ɖe abolokpowo kple amɔzewo me. Gade chapit laBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19133 Ke afakalawo hã tso woƒe aye me nuwɔwɔwo wòe nenema, eye wohe akpɔkplɔwo va Egipte-nyigba la dzi. Gade chapit la |
Ke Yehoseba fia, Yehoram ƒe vinyɔnu kplɔ Yoas, Ahazia ƒe viŋutsu eye wòkplɔe sii le fiaviŋutsuwo, ame siwo wogbɔna wuwu ge la dome eye wòtsɔ eya kple edzikpɔla ɣla ɖe xɔ gã me. Yehoseba, fia Yehoram ƒe vinyɔnu kple nunɔla Yehoiada srɔ̃, ame si hã nye Ahazia nɔvinyɔnu la ɣla ɖevi la ɖe Atalia be mate ŋu akpɔe awu o.