Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 5:6 - Agbenya La

6 Gbe ma gbe la, Farao ɖe gbe na dɔdzikpɔla kple dɔnunɔla siwo le ameawo nu be,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Gbemagbe Farao de se na dukɔ la ƒe dɔdzikpɔlawo kple eƒe dɔnunɔlawo bena:

Gade chapit la Kopi




2 Mose 5:6
14 Referans Kwoze  

Israelviwo ƒe dɔnunɔlawo kpɔe be nu sesẽwo ɖi kpe yewo nyateƒe be womaɖe yewoƒe gbe sia gbe kpememe la dzi na yewo o.


Ale dɔdzikpɔlawo kple dɔnunɔlawo yi ɖagblɔ na ameawo be, “Nya si Farao gblɔe nye, ‘Nyemagana gbe ƒuƒu mi azɔ o.


Ema eƒe aʋakɔ la ɖe aʋalɔglowo me eye wòde amewo wo me abe ale si Yeiel, aʋakɔ la ƒe nuŋlɔla kple eƒe kpeɖeŋutɔ Maaseya, ɖoe da ɖi ene. Aʋafia gã lae nye aʋakplɔla Hananiya.


Isak ƒe vi siwo menae la woe nye, Yakob kple Esau. Metsɔ anyigba si ƒo xlã Seir to la na Esau, ke Yakob kple viawo yi Egipte.


Azɔ la, Israelviwo katã, woƒe ametsitsiwo, kplɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple amedzro siwo nɔ wo dome la ma ɖe akpa eve me. Akpa ɖeka tsi tsitre ɖe Gerizim to la te, eye akpa evelia hã nɔ Ebal to la te. Nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la nɔ akpa eveawo dome hena yayranyawo xexlẽ. Wowɔ esia abe ale si Mose ɖo na wo gbe aɖe gbe ene.


Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo ɖe du siwo katã Yehowa miaƒe Mawu le mia nam la me. Woadrɔ̃ ʋɔnu le dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe me.


Metsɔ amegã siwo wotia tso to ɖe sia ɖe me eye wonye ŋutsu siwo nye bubumewo, eye tagbɔ li na wo la ɖo dzikpɔlawo ɖe mia nu, ɖe ame akpewo, alafawo, blaatɔ̃wo kple ewowo nu be woadrɔ̃ nyawo, eye woakpe ɖe wo ŋu le mɔ sia mɔ nu.


Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Na Israelviwo ƒe ametsitsi blaadre naƒo ƒu ɖe nye ŋkume. Kplɔ wo va agbadɔ la me, eye woatsi tsitre ɖe afi ma kpli wò.


Yehowa gblɔ nɛ be, “Mekpɔ nye amewo ƒe fukpekpe le Egipte, mese woƒe avifafa le woƒe dɔnunɔlawo ƒe ŋutasesẽ ta. Metsɔ ɖe le woƒe fukpekpe la me,


Ale Egiptetɔwo wɔ Israelviwo woƒe kluviwoe. Wotsɔ dɔdzikpɔla ŋutasẽlawo ɖo wo nu be woana woawɔ dɔ sesẽ, woatu nudzraɖoƒe gãwo ɖe Pitom kple Rameses na Farao.


Ame dzɔdzɔe léa be na eƒe lãwo ke dɔmenyo siwo ame vɔ̃ɖiwo ya wɔna la nye ŋutasesẽ.


Yosua yɔ Israelviwo katã, woƒe ƒomewo ƒe ametsitsiwo, tatɔwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo siaa ƒo ƒu ɖe Sekem le Mawu ŋkume.


“Migana gbe ƒuƒu Israelviwo azɔ na anyikpeawo meme o; mina woayi aɖadi woawo ŋutɔ ƒe gbe ƒuƒu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite