Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 26:7 - Agbenya La

7 “Tsɔ avɔ titri siwo wolɔ̃ kple gbɔ̃fu la ƒe teƒe wuiɖekɛ gbã agbadɔ la.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eyome natsɔ gbɔ̃fu alɔ̃ kuntru wuiɖekɛ, bena woatsɔ agba nɔƒe la tame.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 26:7
18 Referans Kwoze  

Nenema ke, mi ɖekakpuiwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na ame tsitsiwo. Mido ɖokuibɔbɔ abe awu ene na mia ɖokuiwo, ale be miate ŋu asubɔ mia nɔewo, elabena, “Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la nu.”


ke boŋ miaƒe tugbedzedze nanye ememetɔ, tugbedzedze malũxɛ si nye tufafa kple bɔbɔenyenye ƒe gbɔgbɔ si xɔ asi le Mawu ƒe ŋkume ŋutɔ.


Ekema Yehowa ana lilikpo nado ɖe Zion to blibo la kple ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi ma kple dzudzɔ la dzi le ŋkeke me, eye le zã me la, anye dzo bibi, eye ŋutikɔkɔe anye agbadɔ.


Fiavinyɔnu la nye keklẽ sɔŋ le eƒe xɔ me; eye wotsɔ sika lé ɖe eƒe awu legbe ƒe teƒeteƒewo keŋ.


Miɖo ŋku edzi miakɔ miaƒe awuwo kple nu sia nu si wowɔ kple lãgbalẽ, gbɔ̃fu alo ati la hã ŋuti.”


Nɔƒe la ƒe xɔmetsovɔ, agbadɔ la ŋutɔ kple kpɔ si ƒo xlãe, gbɔ̃gbalẽ si wotsɔ gbã agbadɔ la kple avɔ si le eƒe mɔnu.


Nyɔnu aɖewo wɔ aɖaŋu tɔxɛ tsɔ gbɔ̃fuwo lɔ̃ avɔe.


Ame bubuwo tsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ, ɖeti ɣi ƒe ka alo gbɔ̃fu kple agbogbalẽ si wode ama dzĩ kple gbɔ̃gbalẽ si ŋu wotrɔ asi le la vɛ.


avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple hɛ̃tɔ, dzĩtɔ kple avɔ si wolɔ̃ kple ɖetika ɣi alo gbɔ̃fu,


Tsɔ agbogbalẽ siwo woɖa kple ama dzĩ la tsyɔ gbɔ̃fuvɔawo dzi, eye nàgatsɔ gbɔ̃gbalẽwo atsyɔ alẽgbalẽawo dzi.


Ke hena avɔ si le agbadɔ la megbe la, woatsɔ avɔ afã si susɔ la atsi ɖe agbadɔ la megbe.


Tɔ gbɔ̃fuvɔ atɔ̃ woazu avɔ keke ɖeka, eye nàgatɔ ade mamlɛawo hã woazu avɔ keke ɖeka.


“Tsɔ avɔ ewo siwo wolɔ̃ kple ka nyuiwo, aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ la wɔ agbadɔ la, eye nàlɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe eme.


avɔ si nye blɔtɔ, avɔ dzĩ, aklala, gbɔ̃fuwo,


Tsɔ sika tu gavi blaatɔ̃ nàtsɔ ku avɔ eveawo ƒe nuwo ƒo ƒui ale be agbadɔ la, si nye Mawu ƒe nɔƒe la, nazu nu blibo ɖeka.


Avɔ wuiɖekɛawo katã nasɔ; ɖe sia ɖe nadidi mita wuietɔ̃, eye wòakeke mita eve.


Gerson ƒe viwo ƒe hlɔ̃ eve siawo ƒe dɔdeasiwoe nye, woakpɔ nɔƒe kple agbadɔ la, la gbɔ, egbãnuwo, mɔnuwo kple eŋu vɔ,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite