Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 19:2 - Agbenya La

2 Esi woho tso Refidim la, wova ɖo Sinai gbegbe la, eye Israel ƒu asaɖa anyi ɖe afi ma le to la te.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Esi woho tso Refidim la, wova Sinai-gbedzi, eye woƒu asaɖa anyi ɖe gbea dzi; afima Israel ƒu asaɖa anyi ɖo le to la kasa.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 19:2
10 Referans Kwoze  

Azɔ la, le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, Israelviwo dzo le Sin gbegbe la. Wonɔ tɔtɔm ɖe teƒeteƒewo va se ɖe esime woɖo Refidim. Ke esi woɖo afi ma la, tsi aɖeke menɔ anyi o!


Gbe ɖeka la, Mose nɔ toa Reuel, ame si wogayɔna be Yetro, ame si nye Midian nunɔla la ƒe alẽwo dzi kpɔm le gbedzi si te ɖe Horeb, Mawu ƒe to la ŋu.


Mawu gblɔ nɛ be, “Manɔ anyi kpli wò, eye esia anye dzesi si afia be nyee nye ame si le dɔwòm. Ne èkplɔ Israelviwo do goe le Egiptenyigba dzi la, miasubɔ Mawu le to sia dzi.”


Yetro, Mose to kple Mose ƒe viŋutsuwo kple srɔ̃a wova Mose gbɔ le gbegbe, afi si woƒu asaɖa anyi ɖo, le Mawu ƒe to la gbɔ.


Azɔ la, Amalekitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu le Refidim.


Nu siawo nye lododo ko, elabena nyɔnu eveawo sɔ kple nubabla eve. Nubabla ɖeka la, woxɔe le Sinai to dzi, eye eyae dzi ɖevi siwo nye kluviwo. Esia nye Hagar.


Mose ƒe nya sia va eme pɛpɛpɛ elabena esi wonɔ gbedzi nɔ yiyim la, Mose nye avuléla si nɔ Israelviwo kple mawudɔla si na Mawu ƒe sewo le Sinai to dzi la dome. Se si nye Agbenya lae wòna wo.


“Le ƒe blaene megbe la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Mose le gbedzi le teƒe aɖe si te ɖe Sinai to la ŋu. Mawudɔla la ɖe eɖokui fiae le gbe aɖe si nɔ bibim la me.


Tso Refidim la, woyi Sinai gbedzi,


Le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ si nye Israelviwo ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Mawu nɔ agbadɔ la me le Israelviwo ƒe asaɖa me le Sinai gbedzi. Yehowa gblɔ nya siawo na Mose be,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite