Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 15:1 - Agbenya La

1 Mose kple Israelviwo dzi kafukafuha sia na Yehowa be, “Madzi ha na Yehowa, elabena wodo eya amea ɖe dzi bobobo. Etsɔ sɔ kple sɔdola siaa de atsiaƒu la me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ɣemaɣi Mose kple Israel-viwo dzi ha sia na Yehowa bena: Madzi ha na Yehowa, elabena ewo nu tsuwo, ede sɔ kple sɔdola ƒu.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 15:1
27 Referans Kwoze  

eye wodzi Mose, Mawu ƒe dɔla ƒe ha kple Alẽvi la ƒe ha be, “Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, Wò nuwɔnawo lolo, eye wowɔ nuku. Wò dukɔwo ƒe fia, wò mɔwo le dzɔdzɔe, eye wonye nyateƒe.


Eye Miriam dzi ha sia: “Midzi ha na Yehowa, elabena eɖu dzi ŋusẽtɔe. Ede sɔ kple sɔdola atsiaƒu la me.”


Tete woxɔ eƒe ŋugbedodowo dzi se, eye wodzi ha kafui.


Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta.


To esia me la, eɖe gbɔgbɔwo ƒe dziɖuɖu kple ŋusẽ ɖa, eye wòdo ŋukpe wo le gaglãgbe, eye wòkpɔ dziɖuɖu ɖe wo dzi.


Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta,


Menya azɔ be Yehowa tri akɔ wu mawu bubu ɖe sia ɖe, elabena eɖe eƒe amewo tso Egiptetɔwo, ame siwo nye dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo la ƒe asi me.”


Mose wɔ alea, eye esi ŋu ke la, atsiaƒu la gazu abe ale si wònɔ tsã ene. Egiptetɔwo dze agbagba be yewoasi, ke Yehowa na atsiaƒutsi la ŋe tsyɔ wo dzi.


Israel dzi ha be, “Dzi tsi, O vudo! Midzi ha tso tsi la ŋu!


Èma atsiaƒu la ɖe akpa eve me, ale be wò amewo nate ŋu azɔ anyigba ƒuƒui dzi atso atsiaƒu la! Gake ètsrɔ̃ woƒe futɔwo ɖe atsiaƒu la ƒe gogloƒe. Wonyrɔ abe kpe ene ɖe atsiaƒu la me.


Ɖo ŋku edzi, nàdo eƒe dɔwɔwɔwo ɖe dzi, siwo amewo kafuna le woƒe hadzidziwo me.


Wòe nye nye bebeƒe, àɖem tso xaxa me, eye àtsɔ ɖeɖe ƒe aseyetsohawo aƒo xlãm. Sela


O! Yakob ƒe Mawu, esi nèblu ko la, sɔ kple tasiaɖam siaa tɔ ɖe teƒe ɖeka.


Ekplɔ eƒe dukɔ la do goe kple aseyetsotso, eƒe ame tiatiawo kple dzidzɔɣli.


Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ denɛ mɔ me, ke ame dzɔdzɔe adzi ha atso aseye.


Mi ame siwo toa atsiaƒu dzi, mi nu siwo le atsiaƒu me, mi ƒukpowo kple ame siwo le wo dzi, midzi ha yeye na Yehowa. Midzi eƒe kafukafuha le anyigba ƒe mlɔenuwo ke.


Wòe metsɔ kaka sɔ kple sɔdolae, wòe metsɔ kaka tasiaɖam kple ekulae.


nye la, makpɔ dzidzɔ le Yehowa me eye madzɔ dzi le Mawu, nye Ɖela, me.


Yehowa gblɔ na Mose be, “Gada wò asi ɖe atsiaƒu la dzi ale be tsigliawo namu adze Egiptetɔwo, woƒe tasiaɖamwo kple woƒe sɔdolawo dzi.”


Wò ko wòle be woavɔ̃. Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe nuwò ne èdo dɔmedzoe?


Maɖe Baalwo ƒe ŋkɔwo ɖa le ŋuwò, eye màgaƒo ŋkɔ ɖo na wo azɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite