Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 12:2 - Agbenya La

2 “Tso azɔ dzi yina la, ɣleti siae anye gbãtɔ kple ɣleti vevitɔ wu na mi le ƒea me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ɣleti sia nanye vevietɔ na mi, eya nanye ɣleti gbãtɔ na mi le ƒe la me.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 12:2
14 Referans Kwoze  

Egbe, ɣleti Abib me, miele ʋuʋum.


“Ɖo ŋku edzi nàɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti gbãtɔ me, elabena ɣleti ma mee Yehowa, wò Mawu la kplɔ mi dzoe le Egipte le zã me.


“Ɖo ŋku edzi miaɖu Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui ŋkeke adre abe ale si megblɔe na wò ene le ŋkeke ɖoɖoawo dzi, le Tedoxe me ƒe sia ƒe. Ɣleti sia mee miedzo le Egipte.


“Gbãtɔe nye Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui. Migaɖu abolo si wowɔ kple amɔ ʋaʋã o ŋkeke adre abe ale si mede se na mi kpɔ ene. Ŋkekenyui sia ɖuɖu anɔ edzi ƒe sia ƒe le Tedoxe si nye ɣleti si me miedzo le Egipte. “Ame sia ame asa vɔ nam le ɣeyiɣi sia me.


“Woaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe le ƒe ɖe sia ɖe me. Miaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la atsɔ ɖo ŋku gbe si gbe mawudɔla la dze to Israelviwo ƒe viŋutsu gbãtɔwo ŋu, eye mewu wo o la dzi.


Yehowa Ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la adze egɔme le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienea gbe le fiẽ.


Le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuievelia me le ɣleti gbãtɔ, Nisan me la, woda akɔ si woyɔna be, pur la le Haman ŋkume be woatia ɣleti aɖe kple eƒe ŋkeke aɖe. Wotia ɣleti wuievelia si nye Adar.


Yehowa gblɔ na Mose kple Aron le Egipte be,


Miɖe gbeƒã na Israelviwo katã be le ɣleti sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ŋutsu ɖe sia ɖe nalé alẽvi ɖeka na eƒe ƒome, alẽ ɖeka ɖe aƒekɔ ɖeka ɖe sia ɖe nu.


Abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la ko woaɖu tso ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ va se ɖe ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛlia ƒe fiẽ.


“ ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le ɣleti gbãtɔ me, le ŋkeke gbãtɔa gbe la, ele na mi be miatsɔ nyitsu fɛ̃ ɖeka si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la, eye miakɔ Kɔkɔeƒe la ŋu.


Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be gbe si gbe miedzo le Egipte, eye miedo le kluvinyenye me la, nanye ŋkeke aɖe si dzi miaɖo ŋkui tegbetegbe, elabena Yehowa ɖe mi kple nukunu gãwo. Migaɖu naneke si me amɔʋãtike le la o.


Le ƒe evelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wotu agbadɔ la.


“ ‘Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe la, miaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la, ŋkekenyui si axɔ ŋkeke adre, ŋkeke siwo me miaɖu abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite