Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 11:2 - Agbenya La

2 Gblɔ na Israel ŋutsuwo kple nyɔnuwo be woadzra ɖo hena sikanuwo kple klosalonuwo ɣeɣe le wo xɔlɔ̃ siwo nye Egiptetɔwo la si.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eyata gblɔ na dukɔ la bena: Ŋutsu sia ŋutsu kple nyɔnu sia nyɔnu nabia klosalo kple sikanuwo le eƒe aƒelika si!

Gade chapit la Kopi




2 Mose 11:2
16 Referans Kwoze  

Nyɔnu ɖe sia ɖe axɔ klosalo, sikanuwo kple avɔ nyuiwo le eƒe amegã, Egiptetɔ, srɔ̃a kple eŋumewo si. Miado Egiptetɔwo ƒe nu nyuitɔwo kekeake na mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo! Ale miaha Egiptetɔwo.”


Ɖe mɔ meli be be ame naxe ga home si dze eŋu la na nɔvia? Ɖe wòle be miado dziku, elabena mewɔ dɔmenyoa?’


‘Klosalo la tɔnyee, eye sika hã tɔnyee.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Ame nyui gblẽa domenyinu ɖi na via ƒe viwo, ke woɖoa ame vɔ̃ɖi ƒe kesinɔnuwo ɖi na ame dzɔdzɔewo.


Ke ekplɔ Israel do goe, wodo agba kple klosalo kple sika, eye ame beli aɖeke menɔ woƒe toawo dome o.


Anyigba kple nu siwo katã yɔ edzi, xexea me kple emenɔlawo katã nye Yehowa tɔ.


Nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa, ame sia ame si lɔ̃ tso dzi me faa la va. Wotsɔ sika, togɛwo, asigɛwo, kɔgawo kple sikanu ƒomevi ɖe sia ɖe vɛ na Yehowa.


Megblɔ na wo be, ‘Mitsɔ miaƒe sikatogɛwo vɛ.’ Ale wotsɔ wo vɛ. Metsɔ wo de dzo me, eye nyivi siae do go tso eme!”


Ale Mawu na mezu hotsuitɔ to mia fofo ƒe lãha si wòxɔ tsɔ nam ta.


Emegbe la, eɖe sikanuwo kple klosalonuwo kpakple awu nyuiwo na Rebeka, eye wòtsɔ nunana xɔasi vovovowo na dadaa kple nɔvia ŋutsu hã.


“Makpɔ egbɔ be Egiptetɔwo tsɔ nunanawo na mi gleglegle le miaƒe dzodzoɣi ale be miadzo kple asi gbɔlo o!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite