Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 10:4 - Agbenya La

4 Ne ègbe asiɖeɖe le ameawo ŋu la, mahe ʋetsuviwo va wò anyigba la dzi etsɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke ne egbe asiɖeɖe le nye dukɔ ŋu la, ekema mana ʋetsuviwo nava wò anyigba dzi etsɔ.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 10:4
15 Referans Kwoze  

Ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe do go tso dzudzɔ la me va anyigba dzi, eye wòna ŋusẽ wo be woawɔ nu abe ahɔ̃ siwo le anyigba dzi la ene.


“Magaɖo ƒe siwo ʋetsuviwo, ʋetrawo, abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi. Woawoe nye nye aʋakɔ gã si medɔ ɖe mia ŋu.


Fia mele ʋetsuviwo si o, gake woƒe ha blibo la yia teƒewo le ɖoɖo me;


eya ta le etsɔ ɣeyiɣi sia tututu la, maɖo kpetsi vɔ̃ɖitɔ ɖa wòadza ɖe dukɔ blibo la dzi. Kpetsi sia tɔgbi medza kpɔ tso esime woɖo Egipte gɔme anyi o.


Yehowa ɖo ɣeyiɣi, eye wògblɔ be, “Etsɔ si gbɔna la, Yehowa awɔ nu sia le anyigba sia dzi.”


elabena made vovototo wò amewo kple nye amewo dome. Dzesidede siawo katã ava eme etsɔ.’ ”


Farao ɖo eŋu nɛ be, “Wɔe etsɔ si gbɔna.” Mose yi edzi be, “Enyo, ava eme abe ale si nègblɔ ene, ekema ànya be, ame aɖeke mede Yehowa, mía Mawu la nu o.


Ale Mose kple Aron wogayi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la le biabiam be, ‘Zi neni nàgbe toɖoɖom? Ɖe asi le nye amewo ŋu ale be woate ŋu ayi aɖasubɔm.


Woatsyɔ anyigba la dzi ale gbegbe be anyigba la magadze o. Woaɖu numiemie sue siwo susɔ le kpetsi la megbe kple ati ɖe sia ɖe si le tsitsim le agble dzi.


“Àƒã nukuwo fũu, gake nuku ʋɛ aɖewo ko nàŋe, elabena ʋetsuviwo agblẽ wò nukuawo.


Meɖoe na wò be nàna wòadzo aɖasubɔm, ke ègbe toɖoɖo. Kpɔ ɖa, mawu wò ŋgɔgbevi.’ ”


Le takpekpe wɔwɔ kple Israel ƒe dumegãwo vɔ megbe la, Mose kple Aron woyi Farao gbɔ. Wogblɔ nɛ be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Ɖe asi le nye amewo ŋu woayi gbedzi aɖaɖu ŋkekenyui nam.’ ”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite