Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Mose 1:21 - Agbenya La

21 Esi vixelawo vɔ̃a Mawu ta la, Mawu na viwo woawo hã.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Esi vixelawo vɔ̃ Mawu ŋuti la, eyata wòna vi geɖe wo.

Gade chapit la Kopi




2 Mose 1:21
14 Referans Kwoze  

Ne èɖo to nya si megblɔ na wò, ne èzɔ le nye mɔ dzi, ne èwɔ nye seawo dzi abe David ene la, ekema mayra wò eye wò dzidzimeviwo aɖu Israel dzi tegbetegbe. Medo ŋugbe sia ke na David kpɔ.


Maɖo nunɔla nuteƒewɔla na ɖokuinye ame si awɔ ɖe nu si meɖo ɖe nye dzi me kple ta me la dzi. Mali ke eƒe aƒe la sesĩe eye wòasubɔ le nye amesiamina la ƒe ŋkume ɖaa.


Ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, eye nàwɔ nyui; nɔ anyigba la dzi, eye nàɖu eƒe nu nyuiwo le dziɖeɖi me.


Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ zi alafa ɖeka eye wòganɔa agbe kokoko hã la, nenyae nyuie be ame siwo vɔ̃a Mawu la tɔ anyo wu godoo.


Ke azɔ la, zi ale si Yehowa le agbe, ame si tsɔm ɖo fofonye, David ƒe fiazikpui dzi eye wòɖo fiaɖuƒe anyi nam abe ale si wòdo ŋugbe ene la, woawu Adoniya egbea!”


Tsɔ vo si meda be medo dzi heva afi sia la kem. Yehowa aɖo eteƒe na wò kokoko, ana wò fiaɖuƒe nasu wò dzidzimeviwo si eye enu matso akpɔakpɔ o elabena Yehowa ƒe aʋawo wɔm nèle eye dzɔgbevɔ̃e madzɔ ɖe dziwò le wò agbemeŋkekewo katã me o.


Ne Yehowa metu xɔ o la, etulawo le agbagba dzem dzodzro. Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la, dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ.


“Yi ɖe Rekabi ƒomea gbɔ, eye nàkpe wo ayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔŋuxɔewo dometɔ ɖeka me eye nàku wain na wo woano.”


Nunya wotsɔna tua xɔe eye gɔmesese wotsɔna ɖoa egɔme anyie,


Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ.


Ke vixela siawo vɔ̃a Mawu, eye womewɔ ɖe Egipte fia la ƒe se la dzi o, wona ŋutsuviawo hã tsi agbe.


Mikafu Yehowa. Woayra ŋutsu si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ vevie le eƒe sewo ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite