Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Tesalonikatɔwo 3:12 - Agbenya La

12 Míele kuku ɖem na ame mawo katã, eye míele gbe ɖem na wo hã le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be woadze kɔ anyi, awɔ dɔ atsɔ akpɔ wo ɖokuiwo dzii.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke míele se dem na nenem me siawo, eye míele nu xlɔ̃m wo le mia Aƒetɔ Yesu Kristo me, bene woawɔ dɔ kpoo, eye woaɖu woa ŋutɔwo ƒe abolo.

Gade chapit la Kopi




2 Tesalonikatɔwo 3:12
9 Referans Kwoze  

Esia nanye miaƒe didi ɖaa be mianɔ agbe le tufafa me; miakpɔ mia ŋutɔwo ƒe dɔwo gbɔ abe ale si míegblɔ na mi va yi la ene.


Ame si nye fiafitɔ la, nedzudzɔ fififi, newɔ dɔ, netsɔ eƒe asiwo wɔ dɔ nyui, si aɖe vi nɛ be wòakpɔ nane ana hiãtɔwo.


alo ɖu ame aɖeke ƒe nu femaxee o, ke boŋ míewɔ dɔ zã kple keli. Míedze agbagba, ku kutri be míaganye agba na mia dometɔ aɖeke o.


Mlɔeba la, nɔviwo, míefia ale si wòle be mianɔ agbe be miadze Mawu ŋu la mi, eye le nyateƒe me la, miele agbe nɔm nenema. Ke azɔ la, míele mia biam hele ŋusẽ dom mi le Aƒetɔ Yesu me be miagawɔe wu gɔ̃ hã.


Na nuɖuɖu mí gbe sia gbe,


Nu asiʋlo ɖeka si ŋuti ŋutifafa le la nyo wu nu asiʋlo eve si ŋuti sreɖidzedze kple dagbadagba ɖe yame kpe ɖo.


Abolo ƒuƒlu sue ɖuɖu si ŋu ŋutifafa kple dziɖeɖi kpe ɖo la nyo wu aƒe si me yɔ fũu kple agbeɖuɖu eye dzre kpe ɖe eŋu.


ɖe fiawo kple dziɖulawo katã ta be míanɔ anyi le ŋutifafa kple agbe ƒe dziɖeɖi me le mawuvɔvɔ̃ kple kɔkɔenyenye siaa me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite