Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Tesalonikatɔwo 3:10 - Agbenya La

10 Elabena esi míenɔ mia gbɔ gɔ̃ hã la, míede se sia na mi be, “Ame si medi be yeawɔ dɔ o la, megaɖu nu hã o.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Elabena esime mienɔ mia gbɔ hã la, míede se na mi bena, ne amea ɖe melɔ̃ be, yeawɔ dɔ o la, negaɖu nu hã a.

Gade chapit la Kopi




2 Tesalonikatɔwo 3:10
11 Referans Kwoze  

Àdze agbagba le wò agbemeŋkekewo katã me hafi akpɔ abolo aɖu va se ɖe esime nàku. Agatrɔ azu anyi, nu si wotsɔ wɔ wòe la; elabena anyi wotsɔ wɔ wòe, eye anyi ke nàgatrɔ azu.”


Kuviatɔ meŋlɔa agble le agbledeɣi o, eya ta edia nu le nuŋeɣi doa kpoe.


Esia nanye miaƒe didi ɖaa be mianɔ agbe le tufafa me; miakpɔ mia ŋutɔwo ƒe dɔwo gbɔ abe ale si míegblɔ na mi va yi la ene.


Nu dzroa kuviatɔ vevie gake mekpɔa naneke o, ke vevidonula ƒe didiwo vaa eme nɛ.


Kuviatɔ ƒe nudzodzro ahe ku vɛ nɛ, elabena eƒe asiwo gbe be yewomawɔ dɔ o.


Esi míenɔ mia gbɔ gɔ̃ hã la, míegblɔe na mi do ŋgɔ be fukpekpe kple yometiti ava kpuie abe ale si wòva dzɔe ene.


Le nyateƒe me la, ɖe mele nya siawo gblɔm na mi be ne ɣeyiɣi la ɖo la, miaɖo ŋku edzi be mena mienya do ŋgɔ. Nyemegblɔ nya siawo na mi do ŋgɔ o, elabena menɔ mia gbɔ.


Esi wova ɖo la, egblɔ na wo be, “Mienya ale si menɔ mia dome tso ŋkeke gbãtɔ si meva Asia nuto me va se ɖe fifia.


Yesu gblɔ na wo be, “Esi menɔ anyi kpli mi le ŋkeke siwo va yi me ɖe, nyemegblɔe na mi be nu siwo woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple Nyagblɔɖilawo kple Psalmowo me tso ŋunye la ava eme oa?”


Mieɖo ŋku edzi be megblɔ nya siawo na mi esi menɔ mia gbɔ oa?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite