Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Tesalonikatɔwo 2:1 - Agbenya La

1 Le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vava kple ale si míaƒo ƒu ɖe egbɔ ŋuti la, míele biabiam tso mia si, nɔviwo, be

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ke míele kuku dem na mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vava kple mia ƒuƒoƒo de eyama gbã la ŋuti,

Gade chapit la Kopi




2 Tesalonikatɔwo 2:1
14 Referans Kwoze  

Adɔ mawudɔlawo be woaƒo ame siwo katã nye etɔwo le xexe bliboa me la nu ƒu tso keke anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi va se ɖe dziƒo ƒe nuwuwu ke.


eye wòadɔ eƒe dɔlawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi sesĩe, eye woayi aɖaƒo ame titiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒo ƒe dzogoe ɖeka dzi yi bubu dzi.


Eya ta mele gbe tem ɖe edzi na wò le Mawu kple Kristo Yesu, ame si adrɔ̃ ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo gbe ɖeka ne eva do be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe la gɔme anyi la ŋkume be


Esia ana be Mawu mía Fofo la nana be miaƒe dziwo nakpɔ ŋusẽ, anɔ dzadzɛ, ale be miate ŋu ado ɖe eŋkume fɔɖiɖimanɔŋui nenye be míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo trɔ gbɔ kple eƒe ame kɔkɔewo. Amen.


Nu ka gɔ̃ míele agbe na? Nu kae na mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ mí, eye wònye míaƒe fetu vavã kple fiakuku la? Miawoe! Ɛ̃, miahe dzidzɔ geɖe vɛ na mí, ne mí katã míetsi tsitre ɖe míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋkume, ne etrɔ va,


Ekema dukɔ siwo katã le xexea me alo ame siwo katã le xexea me la aƒo ƒu ɖe ŋkunyeme, eye mama ameawo me ɖe akpa eve abe ale si alẽkplɔla maa alẽwo ɖa tso gbɔ̃wo gbɔe ene.


Eƒe taɖodzinue nye be ne ɣeyiɣi si wòɖo la de la, aƒo nuwo katã nu ƒu tso afi sia afi, eɖanye dziƒo alo anyigba dzi o, ɖe Kristo te, tso mavɔ me yi mavɔ me.


Eya ta nɔvinyewo, le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, mele ŋusẽ dom mi be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsa gbagbe si le kɔkɔe, eye wòdzea Mawu ŋu, wòanye miaƒe subɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ.


Atamkayi maɖe ɖa le Yuda o va se ɖe esime ame si tututu tɔ wònye la nava, ame si amewo katã abu.


Nye Amegbetɔ Vi la mava kple nye dɔlawo le Fofonye ƒe ŋutikɔkɔe me, eye madrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe eƒe nuwɔnawo nu.


“Vavã mele egblɔm na mi bena, mi ame siwo le tsitre le afi sia la dometɔ aɖewo anɔ agbe, akpɔm mava kple nye mawufiaɖuƒe la.”


Mlɔeba la, nɔviwo, míefia ale si wòle be mianɔ agbe be miadze Mawu ŋu la mi, eye le nyateƒe me la, miele agbe nɔm nenema. Ke azɔ la, míele mia biam hele ŋusẽ dom mi le Aƒetɔ Yesu me be miagawɔe wu gɔ̃ hã.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, ele be míatsɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta. Menye nu dzeame ko wònye na mí o, ke boŋ míaƒe dɔ wònye be míawɔ na Mawu ɖe ale si miaƒe xɔse tsi ɖe edzi nukutɔe, eye miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo hã de to ŋutɔ la ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite