Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 9:5 - Agbenya La

5 Esia ta mele nɔvi siawo dɔm ɖo ɖe mia gbɔ be woakpɔ egbɔ be nu siwo ŋugbe miedo la nasɔ gbe hafi nye ŋutɔ mava. Ale be wòanye nu si miena faa tso dzi me, eye menye tso dzizizi me o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ke mebui nu vevi bena, mexlɔ̃ nu nɔviawo, bena woadze ŋgɔ ava mia gea, bene woadzra yayra, si ŋugbe mieɖo xoxo la, ɖo ɖi, bene wòasɔ gbe abe yayra ene, eye menye abe ŋukeklẽ ene o.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 9:5
11 Referans Kwoze  

Azɔ la, xɔ nunana siwo metsɔ vɛ na nye aƒetɔ la, na wò kple ɖekakpuiawo.


Meɖe kuku, xɔ nye nunanawo ko, elabena Mawu yram, eye nu geɖe le asinye.” Yakob ƒoe ɖe enu, eye Esau lɔ̃ xɔ nunanawo.


Menye ɖe mele nunana aɖeke dim tso mia gbɔ o, ke boŋ mele didim be nu nasɔ gbɔ ɖe edzi na mi.


Esia ta míebia tso Tito, ame si de dzi ƒo na mi le yayra si le nunanadɔ si gɔme miedze me la si be wòayi edzi ade dzi ƒo na mi be miawu amenuvedɔ sia nu le mia dome.


Le Kɔsiɖa ɖe sia ɖe gbe la, ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ ga si wòkpɔ le kɔsiɖa me la ƒe akpa aɖe adzra ɖo, eye wòawɔ eŋu dɔ na nunana sia. Ga home la ku ɖe home si Aƒetɔ la kpe ɖe amea ŋu wòkpɔ la ŋu. Migalala va se ɖe esime mava afi ma hafi miadze agbagba be yewoadzɔ ga home la katã zi ɖeka o.


Tete Naaman kple eƒe dɔlawo katã trɔ yi ɖe Mawu ƒe ame la gbɔ ɖatsi tsitre ɖe eŋkume hegblɔ nɛ be, “Azɔ la menyae be Mawu aɖeke mele xexea katã me o negbe le Israel ko, eya ta meɖe kuku, xɔ nunana siawo le wò dɔla si.”


Esi wova ɖo Ziklag la, David ɖo afunyinu siwo woha la ƒe akpa aɖe ɖe Yuda ƒe ametsitsiwo. Eŋlɔ agbalẽ kpe ɖe eŋu be, “Esiawo nye nunana siwo mele ɖoɖom ɖe mi tso afunyinu siwo mekpɔ tso Yehowa ƒe futɔwo gbɔ la me.”


Ahsa ɖo eŋu be, “Ènyo dɔ me nam, eye nèna anyigbam le Negeb, ke meɖe kuku, na vudowo hãm.” Ale Kaleb tsɔ vudo si le to dzi kple balime la nɛ.


Ke mele nɔvi siawo dɔm kple miaƒe nunanawo elabena míetsɔ mi ƒo adegbe na amewo ŋutɔ eye nyemedi be míaƒe adegbe sia natrɔ zu alakpa o.


Ke medi be esia nanɔ nyanya me na mi be, ame si ana nu sue aɖe la, nu si wòakpɔ ɖe eteƒe anɔ sue. Agbledela si ƒã nuku sue aɖe ko la, xaa nuku sue aɖe ko le nuxaɣi, gake nenye be wòƒã nuku sɔgbɔ la, axa nuku fũu le nuxaɣi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite