Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 8:16 - Agbenya La

16 Míeda akpe na Mawu, ame si tsɔ nenem veviedodo nu le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me be wòakpe ɖe mia ŋu, axlɔ̃ nu mi abe nye ke ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke woada akpe na Mawu, amesi tsɔ nenem veviedodo le mia ŋuti sia de Tito ƒe dzi me;

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 8:16
13 Referans Kwoze  

elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me be woana eƒe tameɖoɖo nava eme ne woalɔ̃ atsɔ woƒe ŋusẽ ana lã la ne wòatsɔ aɖu dzii va se ɖe esime Mawu ƒe nyawo nava eme.


Ame aɖeke megali si tsɔ ɖe le miaƒe nya me le nyateƒe me wu Timoteo o.


Eya ta ɖe meŋlɔ agbalẽ la koŋ be Mawu naɖe ale si melɔ̃a mi la afia, ke menye ɖe ame si wɔ vɔ̃ sia alo ame si ŋuti wowɔ vɔ̃ sia ɖo la ta o, ke boŋ be miaƒe veviedodo nu ɖe mía ta nadze ƒãa le mia dome le Mawu ƒe ŋkume.


Menye esi wòva ɖo mía gbɔ dedie la ɖeɖe koe na be míekpɔ dzidzɔ o, ke boŋ nya siwo keŋ wògagblɔ nam tso mia ŋuti tae; ale si miexɔe nyuie, ale si wònye miaƒe didi be yewoakpɔm, eye ale si wòve mi ŋutɔ be mele fu geɖe kpem kple ale si miele klalo be yewoalé nu siwo mefia mi la ko me ɖe asi la na megli kple dzidzɔ.


Mabla nu mavɔ kpli wo, nyemadzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo o eye made dzi ƒo na wo be woavɔ̃m, ale be womagatrɔ le yonyeme akpɔ o.


Yehowa be, “Ɣeyiɣi li gbɔna esi mabla nu yeye kple Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe.


Woakafu Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu la, ame si tsɔe de fia la ƒe dzi me be wòade bubu Yehowa ƒe aƒe la ŋu le Yerusalem alea,


Eye nu sia nu si miawɔ la, eɖanye le nya me alo nuwɔwɔ me o, miwɔ wo katã le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me, eye miada akpe na Mawu Fofo la, to eya amea me.


mía kple ŋutsu ʋɛ aɖewo míedo go le zã me. Nyemegblɔ nu si nye Mawu tsɔ de nye dzi me be mawɔ na Yerusalem na ame aɖeke o. Lã siwo wodona la ɖeke menɔ gbɔnye o, negbe esi dom menɔ ko.


Esia ta míebia tso Tito, ame si de dzi ƒo na mi le yayra si le nunanadɔ si gɔme miedze me la si be wòayi edzi ade dzi ƒo na mi be miawu amenuvedɔ sia nu le mia dome.


Ɖewohĩ ne ame aɖe bia mi be ame kae nye Tito hã la, migblɔ be enye nye dɔwɔhati, eye wònye tenyeƒenɔla le mia gbɔ. Eye ne wobia nu tso nɔvi eve bubuawo hã ŋu la, migblɔ ko be ame dɔdɔwo wonye tso hame bubuawo me, eye wonye subɔla vavãwo kple bubu na Kristo.


Esi Hezekia kple eƒe dziɖulawo kpɔ nu siwo woƒo ƒu ɖi la, wokafu Yehowa eye woyra eƒe amewo, Israelviwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite