Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 8:11 - Agbenya La

11 Azɔ esi miedze ʋua ƒoƒo gɔme dzidzɔtɔe alea la, miaƒoe nenema va se ɖe nuwuwu. Mina nu si miate ŋui la tso nu si le mia si la me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ke azɔ miwu ewɔwɔ la hã nu, bene alesi miesu te helɔ̃ edzi faa la, mia wu nu hã le nusi le mia si la nu nenema ke.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 8:11
5 Referans Kwoze  

elabena menya ale si wònye miaƒe didi vevie be yewoawɔ lɔlɔ̃nununana sia, eye metsɔ esia ƒo adegbe na Makedonia hamewo be mi Akayatɔwo miele klalo kple miaƒe nunanawo abe ƒe ɖekae nye esia ene. Le nyateƒe me la, esia de dzo tɔxɛ aɖe woawo hã me be wodze ƒuƒoƒo nunanawo gɔme.


“Gblɔ na Israelviwo be ame sia ame si alɔ̃ la, natsɔ nunana siawo dometɔ aɖewo vɛ nam.


Mele ɖase ɖim le hame siawo ŋuti be wodzea agbagba dzɔa nu ŋutɔ, eye wowɔnɛ wòwua ale si woate ŋui gɔ̃ hã kple dzi faa, ke menye ɖe metee ɖe wo dzi be woawɔe o.


Ne enye miaƒe didi be yewoana nu mí la, migatsi dzi le ga home si le mia si la ŋu o. Mawu ƒe didie nye be nàna nu si nàte ŋui, ke menye wu esi le asiwò o.


Le nyateƒe me la, hameawo tia nɔvi sia hã be eya hã nanɔ mí ame siwo le miaƒe nunanawo tsɔ ge ayi Yerusalem la dome. Míele dɔ sia wɔm be míatsɔ ade bubu Aƒetɔ la ŋuti eye míaɖe ale si wònye míaƒe didi vevie be míakpe ɖe mía nɔewo ŋuti la hã afia.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite