Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 12:12 - Agbenya La

12 Esi mele mia gbɔ la, nye dɔwɔwɔ ɖe sia ɖe ɖo kpe edzi be Aƒetɔ lae tiam abe apostolo ene, eye wòdɔm be mava gblɔ nyanyui la na mi, eye metsɔ dzigbɔɖi wɔ dzesiwo, nukunuwo kple ŋusẽdɔ geɖewo hã le mia dome.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke mewo apostolo ƒe dzesiwo le mia dome le dzidodo katã me, le dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽdɔwɔwɔwo me.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 12:12
9 Referans Kwoze  

Ke míegbea nu le vivitimenuwɔnawo kple ŋukpenanuwɔwɔwo gbɔ. Míeblua afɔ na Mawu ƒe nya la o, ke boŋ míegblɔa nyateƒenya vavãtɔ la na ame sia ame. Míegbe nu le alakpadada gbɔ helé nyateƒe la ko me ɖe asi be amewo nanya le woƒe dzi me be míenye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋkume.


Ne nyemeɖea ami ɖe nye nuƒo abe ale si woawo wɔnɛ ene o hã la, menya nu si tututu gblɔm mele elabena Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ me meƒoa nu le abe ale si miawo ŋutɔ mienya ene.


Nu si ta mele esiawo gblɔm lae nye be edze nam be mia beble le bɔbɔe, eye ne ame aɖe va mia gbɔ va ɖe gbeƒã Yesu bubu si to vovo tso esi ŋuti míefia nu mi le la gbɔ alo wòfia nu bubu sãa mi alo ƒo nu tso gbɔgbɔ bubu aɖe si mesɔ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe si miexɔ o ŋuti la, miexɔa ame ma dzi sena bɔbɔe.


Meda akpe na Mawu be, “megblɔa gbe manyamanyawo” le ɖokuinye si wu mia dometɔ ɖe sia ɖe.


Yesu gblɔ nɛ be, “Mia dometɔ aɖeke maxɔ dzinye ase o, dzaa miekpɔ dzesi kple nukunuwo?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite