Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 11:8 - Agbenya La

8 Le ɣeyiɣi si me menɔ gbeƒã ɖem le mia gbɔ la, hame bubuwoe nɔ dzinye kpɔm. Ale be wòva zu be mexɔ nu siwo hame bubuwo nam la hetsɔ wɔ dɔe le mia gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Meha hame bubuwo, esi mexɔ fetu le wo si hena miaƒe subɔsubɔdɔ, eye esime menɔ mia gbɔ, eye hiã tum la, nyemeɖe fu na amea ɖeke o;

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 11:8
5 Referans Kwoze  

Mexɔ fetu geɖe si wu gbɔgblɔ; mexɔ nunanawo fũu. Esi Epafrodito va la, etsɔ nunana gbogbo siwo mieɖo ɖem la vɛ nam. Nunana siawo nye vɔsanu ʋeʋĩ lĩlĩlĩ si dzea Mawu ŋu.


Esi menɔ mia gbɔ, eye nanewo va hiãm la, nyemebia mi o, ke boŋ kristotɔ siwo tso Makedonia va gbɔnye lae tsɔ nu siawo nu vɛ nam. Meɖoe be nyemanye agba na mi o, eya tae nyemebia pesewa ɖeka hã va se ɖe fifia o, eye nyemabia mi hã gbeɖegbeɖe o.


Míawo ŋutɔ míetsɔa asi wɔa dɔ kple kutrikuku be míakpɔ mía ɖokuiwo dzii. Míeyraa ame siwo ƒoa fi dea mí la, eye míegbɔa dzi ɖi blewu na míaƒe futɔwo.


Alo miesusu be nye kple Barnabas koe anɔ fu kpem, anɔ dɔ wɔm be míakpɔ mía ɖokuiwo dzi, le esime miawo miele ame bubuwo dzi kpɔm nyuie ɣe sia ɣia?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite