Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




2 Korintotɔwo 10:6 - Agbenya La

6 Eye míele dzadzraɖo me be ne miaƒe toɖoɖo made blibo o la, ekema míahe to na ame siwo me aglãdzegbɔgbɔ gale la.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 eye mienɔa dzadzraɖoɖi hã, bena ne miaƒe toɖoɖo ade blibo la, míatu fe vɔ̃ le tosesẽ sia tosesẽ ŋuti.

Gade chapit la Kopi




2 Korintotɔwo 10:6
12 Referans Kwoze  

Meŋlɔ agbalẽ ma na mi be makpɔe ɖa be miele klalo awɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi, eye be makpɔe ɖa be toɖoɖo ƒe gbɔgbɔ le mia me mahã?


Azɔ ne Tito hã ɖo ŋku ale si mieɖo toe le nu si wòfia mi me, ale si mieɖe lɔlɔ̃ fiae kple ale si miexɔe kple dzi blibo dzi la, enana be eya hã ƒe lɔlɔ̃ na mi gadzina ɖe edzi.


Mexlɔ̃ nu mi xoxo esi meva mia gbɔ zi evelia va yi. Azɔ la, megale egblɔm, esi nyemele mia gbɔ o. Ke ne metrɔ va la, nyematsɔe ake ame siwo wɔ nu vɔ̃ do ŋgɔ alo ame bubu siwo wɔe kplɔ wo ɖo o,


Mele nu sia ŋlɔm na mi kple mɔkpɔkpɔ be ne meva ɖo la, magahiã be mahe nya ɖe mia ŋu alo ahe to na ame aɖeke o, elabena nye didie nye be mawɔ ŋusẽ si Aƒetɔ la nam la ŋuti dɔ atsɔ atu mi ɖo le xɔse me. Ke menye be matsɔe aɖiɖi mi ɖe anyi o.


Eya ta ne meva la, maɖe nu siwo katã wɔm wòle la ɖe go, vevietɔ ale si wòle mía ŋu gblẽm la ta. Hekpe ɖe esia ŋu la, eɖea ame siwo dina be yewoaxɔ nɔviawo la le hame.


Himenaio kple Aleksandro wonye nu sia wɔlawo ƒe kpɔɖeŋuwo. Eva nɔ nam be matsɔ wo de asi na Satana be woahe to na wo va se ɖe esime woanyae be menyo be woaƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔ o.


Kae adze mia ŋu wu, be mava mia gbɔ kple ameƒoti loo alo be mava le lɔlɔ̃ kple tufafa me?


Wò, ame si ƒoa adegbe tso seawo ŋu ɖe, ɖe nèdoa vlo Mawu to se la dzi dada mea?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite