Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 8:18 - Agbenya La

18 Ne ŋkeke ma va ɖo la, miafa avi be woana gbɔdzɔe mi tso fia si mietia la si me eye Yehowa matɔ na mi le ŋkeke ma dzi o.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Gbemagbe míado ɣli le fia, si mieha la ta; ke Yehowa mado to mi o.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 8:18
13 Referans Kwoze  

Ekema woado ɣli ayɔ Yehowa gake matɔ na wo o eye aɣla eƒe mo ɖe wo ɖe nu vɔ̃ si wowɔ la ta.


Ne miele gbe dom ɖa, keke miaƒe abɔwo me la, maɣla nye ŋkume ɖe mi, eye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la, nyemaɖo to mi o, elabena miaƒe asiwo ƒo ʋu.


Woate wo ɖe anyi, eye dɔ awu wo. Woatsa tsaglãla le anyigba blibo la dzi, eye le dɔwuame ƒe sesẽ ta la woado dziku, aƒo fi ade woƒe fia kple woƒe Mawu.


Nenye be Aƒetɔ la tsi tsitre hetu ʋɔa la, ekema mietsi megbe. Mianɔ tsitre ɖe ʋɔa godo anɔ eƒom be, ‘Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mi.’ “Ke aɖo eŋu na mi be, ‘Nyemenya mi kple afi si mietso o.’


Ne ame aɖe do toku ame dahe ƒe ɣlidodo la, ne eya hã do ɣli la, ame aɖeke masee nɛ o.


Wodo ɣli be Yehowa naxɔ na yewo, gake ame aɖeke mexɔ na wo o, elabena Yehowa metɔ na wo o.


Ɖe Mawu ase eƒe ɣlidodo, ne eɖo xaxa mea?


Axɔ miaƒe lãhawo ƒe ewolia eye miawo ŋutɔ miazu eƒe kluviwo.


Fofonye tsɔ kɔkuti kpekpe ɖo mia dzi. Nye ya mawɔe wòagakpe ɖe edzi. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti, ke nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.’ ”


Elabena mɔkpɔkpɔ kae le ame vlo si ne wolãe ɖa eye Mawu ɖe eƒe agbe ɖa?


Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe alɔ mele kpuie akpa be mate ŋu aɖe ame, alo eƒe to mexe be mate ŋu ase nu o;


Le esia ta la, matu nu kpli wo le dziku me. Nyemakpɔ nublanui na wo loo alo aɖewo o. Togbɔ be woado ɣli ɖe tome nam hã la, nyemaɖo to wo o.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite