Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 7:16 - Agbenya La

16 Etsana ƒe sia ƒe drɔ̃a ʋɔnu gbã le Betel, emegbe le Gilgal eye le eya yome la, le Mizpa. Ale wòdrɔ̃a ʋɔnu na Israel le teƒe siawo katã.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Etsana ƒe sia ƒe dea Betel, Gilgal kple Mizpa, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu na Israel le du siawo katã me.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 7:16
15 Referans Kwoze  

Ègblɔ be, “Meɖo ɣeyiɣi da ɖi, elabena nyee adrɔ̃ ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye me.


Viŋutsu blaene kple tɔgbuiyɔvi blaetɔ̃ nɔ esi. Ame blaadre siawo doa tedzi blaadre. Abdon nye Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la ƒe enyi.


Via ŋutsu blaetɔ̃awo doa tedzi ɖia tsa eye du blaetɔ̃ nɔ wo si le Gileadnyigba dzi, afi si wogayɔna egbegbe be, “Yair duwo.”


“Israelviwo katã, hotsuitɔwo kple ahetɔwo siaa, hotsuitɔ siwo doa tedzi ɣiwo ɖoa afɔ afɔɖodzinu xɔasiwo dzi kple ame dahe, afɔzɔlawo siaa, mikpe ta, miakafui.


Ena ŋkɔ teƒea be Betel si gɔmee nye “Mawu ƒe Aƒe.” Tsã la, woyɔ du si te ɖe afi ma ŋu la be Luz.


Mlɔeba la, Yakob kple eƒe amewo va ɖo Luz si wogayɔna hã be Betel le Kanaan.


Yehowa gblɔ na Yosua be, “Egbe la, miaƒe kluvinyenye le Egipte ƒe ŋukpe la ɖe ɖa,” eya ta woyɔa teƒe ma va se ɖe egbe be Gilgal, si gɔmee nye, “Ɖeɖeɖa.”


Esime wonɔ asaɖa me le Gilgal le Yeriko gbedzi la, woɖu Ŋutitotoŋkekenyui le ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ.


Samuel gblɔ na wo be, “Mi katã miva Mizpa eye mado gbe ɖa na Yehowa ɖe mia ta.”


Samuel gblɔ na ameawo be, “Mina mí katã míayi Gilgal eye míada asi ɖe Saul dzi abe míaƒe fia ene.”


Migati legba siwo le Betel, Gilgal alo Beerseba yome o, elabena maɖe aboyo Gilgatɔwo, eye Betel atsrɔ̃.”


Mizpeh, Kefira, Moza,


Azɔ la, Samuel na Israelviwo katã va kpe ta ɖe Yehowa ŋkume le Mizpa,


“Miɖo to nya sia, O, mi nunɔlawo kple Israel ƒe aƒe, miƒu to anyi; O, mi fia ƒometɔwo katã, miɖo to, mebe mi katã miatsrɔ̃! Elabena mieble nye dukɔ la le Mizpa, mienye ɖɔ woɖo ɖe Tabɔr to dzi


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite