Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 6:4 - Agbenya La

4 Filistitɔwo bia be, “Fɔɖivɔsanu kae míatsɔ aɖo ɖa?” Woɖo eŋu be, “Sikaƒoƒoe atɔ̃ kple afi si wowɔ kple sika la atɔ̃, ɖe Filistitɔwo ƒe amegãwo ƒe xexlẽme nu elabena dɔvɔ̃ ɖeka ƒomevie va dze mi kple mia dziɖulawo siaa dzi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye wogblɔ bena: Avulénu ka miatsɔ akpe ɖe eŋu? Woɖo ŋu bena: Miwɔ sikaƒoƒoe atɔ̃ kple sikafi atɔ̃ ɖe Filistitɔwo ƒe amegãwo ƒe xexlẽme nu, elabena dɔvɔ̃ ɖeka ŋugbe va mi katã kple miaƒe amegãwo dzi!

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 6:4
10 Referans Kwoze  

Ame siwo ganɔ anyigba la dzi kokoko woe nye Filistitɔwo ƒe du atɔ̃ me nɔlawo, Kanaantɔwo katã, Sidontɔwo kple Hivitɔwo, ame siwo nɔ Lebanon towo dzi, tso Baal Hermon to dzi yi ɖase Hamat mɔ nu.


si tso Sixor tɔsisi la gbɔ le Egipte ƒe liƒo dzi heyi anyiehe ke, elabena wobu anyigba si va tɔ Ekron ƒe liƒo la abe Kanaantɔwo ƒe anyigba ene. Filistitɔwo ƒe fiawo nɔ Gaza, Asdod, Askelon, Gat kple Ekron; hekpe ɖe Avitɔwo ŋu


Ke esi wotsɔe yi afi mae ko la Yehowa ƒe asi va Gat du la dzi, eye ŋɔdzi kple dzodzonyanya lé ameawo. Eƒo dua me nɔlawo, ɖeviawo kple tsitsiawo siaa kple ƒoƒoe.


Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la me tɔwo dzi, ehe gbegblẽ va wo dzii eye wòna ƒoƒoe vɔ̃ te wo.


Miwɔ nuƒoƒoeawo kple afi siwo le miaƒe anyigba gblẽm la ƒe nɔnɔmewo eye miade bubu Israel ƒe Mawu la ŋu. Ɖewohĩ aɖe eƒe dɔmedzoe si wòda ɖe miawo ŋutɔ kple miaƒe mawuawo kple miaƒe anyigba dzi la ɖa.


Ame siwo meku haɖe o la nɔ dɔ lém kutɔkutɔe, ale du la ƒe avifafa de dzi.


Israelviwo wɔ abe ale si Mose gblɔ na wo ene. Woɣe klosalonuwo kple sikanuwo kple awuwo le Egiptetɔwo si.


Mitsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la eye midae ɖe tasiaɖam la dzi, mitsɔ aɖaka si me avulénu siwo wowɔ kple sika, siwo ɖom miele ɖa abe avulénu ene la da ɖe exa. Miɖoe ɖe mɔ dzi,


Tete Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ va Samson dzi kple ŋusẽ, eyi Askelon du la me, wu ŋutsu blaetɔ̃, ɖe woƒe awuwo eye wòtsɔ wo na ɖekakpui siwo ɖe adzo la gɔme. Ke dɔ me vee eya ta wògblẽ srɔ̃a ɖi eye wòdzo yi fofoa ƒe aƒe me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite