Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 5:10 - Agbenya La

10 Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo ta Ekron. Ke esi Ekrontɔwo kpɔe wògbɔna wo gbɔ ko la, wodo ɣli be, “Wotsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la gbɔna afi sia be wòawu mí kple míaƒe amewo.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye woɖo Mawu ƒe aɖaka la ɖe Ekron; ke esi Mawu ƒe aɖaka la va Ekron la, Ekrontɔwo do ɣli gblɔ bena: Woɖo Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖe mía gbɔ, be woawu mia kple míaƒe dukɔ la!

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 5:10
13 Referans Kwoze  

Matsrɔ̃ Asdod nɔlawo katã, mawu Askelontɔwo ƒe fia, eye magbã Ekron va se ɖe esime Filistitɔ mamlɛawo atsrɔ̃.” Aƒetɔ Mawue gblɔe.


Azɔ la, Ahazia ge tso eƒe fesre nu le eƒe dziƒoxɔ dzi le Samaria eye nuvevi wɔe eya ta wòdɔ dɔlawo gblɔ na wo be, “Miyi miabia nu le Ekrontɔwo ƒe mawu, Baal Zebub gbɔ nam ne miakpɔe ɖa be mahaya tso dɔléle sia me mahã.”


Yuda ƒe viwo xɔ Gaza, Askelon kple Ekron kple wo ŋu kɔƒewo.


Ekron ƒe du kple eŋukɔƒewo katã hã nɔ Yudatɔwo ƒe anyigba la me.


si tso Sixor tɔsisi la gbɔ le Egipte ƒe liƒo dzi heyi anyiehe ke, elabena wobu anyigba si va tɔ Ekron ƒe liƒo la abe Kanaantɔwo ƒe anyigba ene. Filistitɔwo ƒe fiawo nɔ Gaza, Asdod, Askelon, Gat kple Ekron; hekpe ɖe Avitɔwo ŋu


Ke esi wotsɔe yi afi mae ko la Yehowa ƒe asi va Gat du la dzi, eye ŋɔdzi kple dzodzonyanya lé ameawo. Eƒo dua me nɔlawo, ɖeviawo kple tsitsiawo siaa kple ƒoƒoe.


Ale wogayɔ du atɔ̃awo kplɔlawo ƒo ƒui eye woɖe kuku na wo be woaɖo Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖe eƒe dukɔ Israel ale be dua me tɔwo katã mava ku o. Dɔ la de asi amewo léle me ale vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame le dua me.


Menɔ kpli wò le afi sia afi si nède eye metsrɔ̃ wò futɔwo. Mana wò ŋkɔ nagade dzi wu ale si wòle fifia ale be nànye ame xɔŋkɔtɔwo dometɔ ɖeka le xexea me!


Liƒo la yi togbɛ siwo le Ekron ƒe dzigbeme la gbɔ, trɔ ɖo ta Sikeron to, Baala to la ŋu, yi Yabneel hewu nu ɖe Domeƒu la to.


Yehowa ƒe nubablaɖaka la nɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ɣleti adre.


Tete Israel kple Yuda ŋutsuwo lũ ɖe eme kple ɣli eye woti Filistitɔwo yome va se ɖe Gat kple Ekron ƒe agbowo nu. Filistitɔwo ƒe kukuawo kaka ɖe Saaraim kple Gat mɔ dzi va se ɖe Ekron ke.


ame si dzi Zabad ame si dzi Sutela. Amewo tso Gat wu Ezer kple Elead esi ame eve siawo yi Gat be yewoafi woƒe lãwo.


Miyi ɖe Kalne ne miakpɔ nu si dzɔ le afi ma la ɖa; eye miayi ɖe du gã Hamat me, ahaɖiɖi ɖe Gat, Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, akpɔ nu si dzɔ la ɖa. Ɖe mienyo wu fiaɖuƒe siawo alo ɖe miaƒe anyigba lolo wu wo tɔa?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite