Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 26:10 - Agbenya La

10 Gbe ɖeka la, Yehowa ŋutɔ ana wòaku kokoko, aku le aʋa me loo alo tsitsi ana wòaku.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Dawid gagblɔ bena: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne menye Yehowae awui, alo eƒe ŋkeke aɖe woaku, alo wòayi aʋa woawui o fi!

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 26:10
23 Referans Kwoze  

Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɣeyiɣi si wòle na wò be nàku la ɖo. Yɔ Yosua, miava Agbadɔ la me, eye magblɔ eƒe dɔdeasiwo nɛ.” Ale Mose kple Yosua wova tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume.


Esi Israel ƒe kuɣi gogo la, eyɔ via Yosef gblɔ nɛ be, “Ka atam nam be yeawɔ nye didi mamlɛtɔ dzi nam: Mègaɖim ɖe Egipte o.


Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o. Migblẽ hlɔ̃biabia ɖe Mawu ƒe asi me, elabena eya ŋutɔe gblɔ be yeabia hlɔ̃ ame siwo dze na hlɔ̃biabia la.


Ke Aƒetɔ la le ame vɔ̃ɖiwo kom, elabena enya be woƒe ŋkeke la gbɔna.


Ale Saul, eƒe akpoxɔnutsɔla, Via ŋutsu etɔ̃awo kple eƒe aʋawɔlawo ku le ŋkeke ɖeka ma dzi.


Le ŋkeke ewo megbe la, Yehowa na Nabal ku.


Aƒetɔ, zi ale si Yehowa ɖe wò tso amewuwu kple hlɔ̃biabia me ta la, metsɔ Yehowa ƒe agbe kple wò ŋutɔ wò agbe le kuku ɖem be fiƒode naɖi wò futɔwo katã, abe Nabal ene, ŋu.


Tɔnyee nye hlɔ̃biabia. Ɣeyiɣi hena nye tohehe eƒe futɔwo ɖo woƒe afɔwo ada; elabena woƒe tsɔtsrɔ̃ɣi ɖo!


Eya ta le ŋkeke ɖeka me la, eƒe dɔvɔ̃wo ava ƒo ɖe edzi, esiwo nye ku, konyifafa kple dɔwuame. Dzo ava fiae keŋkeŋ, elabena ŋusẽtɔe nye Aƒetɔ Mawu, ame si drɔ̃ ʋɔnui.


Abe ale si woɖoe na ame be wòaku zi ɖeka, eye le esia megbe wòadze ŋgɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ene la,


Miebu be Mawu matso afia na eƒe ame tiatia siwo le kuku ɖem nɛ zã kple keli la oa? Ɖe magbɔ dzi ɖi na wo oa?


Amedziɣi li, eye kuɣi li. Nudoɣi li, eye nuxaɣi li.


Aɖo woƒe nu vɔ̃wo teƒe na wo, eye wòatsrɔ̃ wo le woƒe vɔ̃ɖinyenye ta, ɛ̃, Yehowa, míaƒe Mawu la atsrɔ̃ wo.


Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, togbɔ be àdi wo hã la, màkpɔ wo o.


Ne ame ku la, ɖe wòaganɔ agbea? Le nye ɣeyiɣi sesẽwo me hã, manɔ nye yeyewɔwɔ ƒe ŋkeke la lalam.


Èɖo ame ƒe ŋkekewo ɖi xoxo; èɖo eƒe ɣletiwo da ɖi eye nèɖo liƒo siwo dzi mate ŋu agbɔ o la ɖi nɛ.


“Ɖe menye dɔ sesẽ mee amegbetɔ le le anyigba dzi oa? Ɖe eƒe ŋkekewo mele abe agbatetsɔla tɔ ene oa?


Yehowa ŋutɔ nanye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la eye wòadrɔ̃ nya le mía dome. Yehowa nebu nye nya ŋu eye wòaʋli tanye, neɖem tso asiwò me, esia anye afiatsotso nam.”


Elabena míenya ame si gblɔ be, “Hlɔ̃biabia la tɔnyee, maɖo eteƒe nɛ,” egagblɔ hã be, “Aƒetɔ la adrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ la.”


“Yehowa nedrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome eye Yehowa neɖo vɔ̃ siwo katã nèwɔ ɖe ŋunye la teƒe na wò. Ke nye ya nye asi maka ŋutiwò o.


Esi David se be Nabal ku la, egblɔ be, “Woakafu Yehowa! Mawu ɖo eteƒe na Nabal eye wòkpe ɖe ŋunye be nye ŋutɔ nyemebia hlɔ̃e o. Exɔ eƒe tohehe le eƒe nu vɔ̃ ta!” David dɔ eƒe dɔlawo ɖe Abigail gbɔ enumake be woagblɔ nɛ be yedi be wòazu ye srɔ̃.


Saul gblɔ na eƒe akpoxɔnutsɔla be, “Ɖe wò yi ɖe go nàƒoe ɖem, ne menye nenem o la, Filistitɔ, aʋamatsomatsoetɔ siawo ava wum eye woado vlom.” Ke vɔvɔ̃ ɖo eƒe akpoxɔnutsɔla la ŋutɔ eye melɔ̃ be yeawɔ Saul ƒe gbe dzi o. Eya ta Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe yi hedze enu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite