Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 23:4 - Agbenya La

4 David gabia gbe Yehowa eye wògaɖo eŋu be, “Miyi Keila elabena makpe ɖe mia ŋu miaɖu Filistitɔwo dzi.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Dawid gabia nu Yehowa, eye Yehowa ɖo ŋu gblɔ ne bena: Tso nayi Kegila, elabena matso Filistitɔwo aɖe asi na wò!

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 23:4
14 Referans Kwoze  

Yehowa gblɔ na Gideon be, “Maɖu Midiantɔwo dzi kple ame alafa etɔ̃ (300) siawo! Na ame mamlɛawo natrɔ ayi aƒe!”


Ekema miado tso afi si miede xa ɖo, age ɖe dua me, elabena Yehowa miaƒe Mawu atsɔe na mí.


Esia nye nu bɔbɔe le Yehowa ŋkume. Atsɔ Moab hã ade asi na wò.


David bia Yehowa be, “Mayi aɖawɔ aʋa kpli woa? Ɖe nàtsɔ wo ade asi nama?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi, matsɔ wo ade asi na wò.”


Ebia nu si wòawɔ la Yehowa, ke Yehowa meɖo nya aɖeke ŋu nɛ to drɔ̃ekuku me, alo to Urim dzi loo alo to nyagblɔɖilawo dzi o.


Gideon gagblɔ na Mawu be, “Mègado dɔmedzoe ɖe ŋunye o, ke boŋ ɖe mɔ nam magabia nu bubu ɖeka ko. Ɖe mɔ nam be magatsɔ alẽgbalẽ la awɔ dodokpɔ ɖekae. Fifia la, na alẽgbalẽ la nanɔ ƒuƒuie eye zãmu nadza ɖe anyigba dzi aƒo xlãe.”


Ale wogabia Yehowa be, “Amea le mía dome fifia?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, eɣla eɖokui ɖe agbawo dome.”


eya ta David bia Yehowa be, “Ɖe mayi aɖawɔ aʋa kple Filistitɔwoa?” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, yi, nàxɔ na Keilatɔwo.”


Ke David ƒe amewo gblɔ be, “Míele vɔvɔ̃m le Yuda le afi sia xoxo, Míedi be míayi Keila aɖawɔ aʋa kple Filistitɔwo ƒe aʋakɔ blibo la o!”


Woyi Keila eye wowu Filistitɔ geɖewo, woxɔ woƒe lãwo eye ale woɖe Keilatɔwo.


David bia Yehowa be, “Mati wo yomea? Mate ŋu alé woa?” Yehowa gblɔ nɛ be, “Ɛ̃, dze wo yome; àxɔ miaƒe nu sia nu si wotsɔ dzoe la le wo si!”


Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, David bia Yehowa be, “Mayi Yuda duawo dometɔ ɖeka mea?” Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi.” David gabiae be, “Du ka mee mayi?” Yehowa ɖo eŋu be, “Yi Hebron.”


Aƒetɔ la gblɔ na Gideon le zã me be, “Fɔ kaba! Kplɔ wò aʋawɔlawo, eye miadze Midiantɔwo dzi elabena mana miaɖu wo dzi!


David bia Mawu be, “Mayi aɖawɔ aʋa kpli woa? Ɖe nàtsɔ wo ade asi nama?” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, yi, matsɔ wo ade asi na wò.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite