Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 22:8 - Agbenya La

8 Esia tae mietsi tsitre ɖe ŋunyea? Mia dometɔ aɖeke megblɔ nam kpɔ be nye ŋutɔ vinye le David dzi o. Miexa nu ɖe nunye gɔ̃ hã o. Mibu eŋu kpɔ! Nye ŋutɔ vinye nado ŋusẽ David be woade xa ɖe ŋunye abe ale si wòwɔ egbea ene.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 hafi mi katã miebla ɖe ŋunye, eye amea ɖeke meli tofi nam be, vinye bia nu kple Isai vi la o, eye nye nya meɖi amea ɖeke, ne wòafi tofi nam be, vinye na nye futɔ de xa ɖe ŋunye, abe alesi wòle egbe sia ene oa?

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 22:8
12 Referans Kwoze  

Yonatan ka atam na David be yewoanye xɔlɔ̃wo ɖaa elabena elɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene.


Saul gblɔ be, “Yehowa ayra mi be miewɔ dɔmenyo gã sia nam!


ava ƒo nu ɖe to me na wo, atsɔ kpɔdzidzewo ado ŋɔdzii na wo,


Mlɔeba la, Yonatan gblɔ na David be, “Lé dzi ɖe ƒo elabena míetsɔ mía nɔewo kple mía nɔewo ƒe viwo de asi na Mawu tegbetegbe.” Ale woklã. David dzo eye Yonatan hã trɔ yi dua me.


Ke wò ya la, ve wò dɔla nu elabena èbla nu kplim le Yehowa ŋkume. Ne medze agɔ la, ekema wò ŋutɔ nàwum! Nu ka ŋuti nàtsɔm ade asi na fofowò?”


Yonatan ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, mèle kuku ge o. Kpɔ ɖa, fofonye mewɔa naneke, sue alo gã ne megblɔe nam o. Nu ka ŋutie wòaɣla nu sia ya ɖem? Mele ame o!”


Saul biae be, “Nu ka tae wò kple David, miebla ɖe ŋunye? Nu ka ta wò Yese vi nèna nuɖuɖui, tsɔ yi de asi nɛ eye nèbia gbe Mawu tso eŋu gblɔ nɛ? Nu ka ta nèdo ŋusẽe be wòatso ɖe ŋunye eye wòava afi sia, aho aʋa ɖe ŋunye?”


Esi Fia Saul wu eƒe nuƒoƒo kple David nu la, Yonatan kpɔ David eye eƒe nu nyo eŋu ale gbegbe be wòlɔ̃e abe eya ŋutɔ nɔvia ene.


Nu sia wɔ nuku na Siria fia la. Eyɔ eƒe aʋafiawo ƒo ƒu eye wòbia wo be, “Mia dometɔ kae nye ameyomemɔfiala sia? Mia dometɔ kae le nye ɖoɖowo gblɔm na Israel Fia la?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite