Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 22:3 - Agbenya La

3 Emegbe la, David yi Mizpa le Moab nyigba dzi be yeabia mɔfiala ale be ye fofo kple ye dada nava nɔ afi ma le fia la ƒe dzikpɔkpɔ te, va se ɖe esime yeanya nu si Mawu le wɔwɔ ge na ye.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Dawid dzo tso afima heyi Mizpe le Moab, eye wògblɔ na Moab-fia bena: Taflatse, na fofonye kple danye naʋu ava mia gbɔ, vaseɖe esime manya, alesi Yehowa awɔ nam!

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 22:3
15 Referans Kwoze  

Ke ne viwo alo mamayɔviwo le wo si la, ekema ele be woawo nakpɔ wo dzi, elabena ele be dɔmenyowɔwɔ nadze egɔme tso aƒe me, eya ta ele be woakpe ɖe wo dzila siwo le hiã me la ŋuti. Esia nye nane si dzea Mawu ŋu ŋutɔŋutɔ.


Esi Saul zu fia ɖe Israel dzi la, ewɔ aʋa kple woƒe futɔwo le akpa sia akpa dzi: Moabtɔwo, Amonitɔwo, Edomtɔwo, Zoba fiawo kple Filistitɔwo siaa. Afi sia afi si ke wotrɔ ɖo la, eɖua wo dzi vevie.


Ale Samuel gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ nɛ la na Eli eye Eli ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue; eya ŋutɔ nena nu si tututu wòkpɔ be eyae nye nyuitɔ la nava eme.”


Nyɔnu siwo nɔ afi ma la gblɔ be, “Naomi dzi viŋutsu.” Wona ŋkɔe be Obed. Eyae dzi Yese, David fofo.


eye mexɔ Rut, Moab nyɔnu la, ame si nye Maxlon srɔ̃ hã wòzu srɔ̃nye, ale be wòate ŋu adzi ŋutsuvi be srɔ̃a kukua ƒe ŋkɔ natsi eƒe domenyinuwo ŋu, eye eƒe ŋkɔ magabu le ƒomea kple dua me o.”


Le ɣeyiɣi ma me la, Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va Yefta dzi eye wòkplɔ eƒe aʋakɔ to Gileadnyigba kple Manase ƒe anyigba dzi, dze le Mizpa le Gilead ŋu eye wòkpe aʋa kple Amonitɔwo ƒe aʋakɔ.


Bu fofowò kple dawò be nànɔ agbe didi le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi.


Ale Yosef tsɔ anyigba nyuitɔ le Egipte, afi si nye Ramesesnyigba la na fofoa kple nɔviawo abe ale si Farao gblɔe ene.


Tete ame siwo nɔ hiãkame aɖe me abe fenyilawo ene alo ame siwo nu tɔxɛ aɖe nɔ fu ɖem na la de asi egbɔ vava me va se ɖe esime wòva zu tatɔ na ame abe alafa ene ene.


Ale wonɔ Moab nyigba dzi le David ƒe agado la me nɔɣi la katã.


Eɖu Moabtɔwo hã dzi eye wòna Moabtɔwo mlɔ anyi ɖe wo nɔewo xa le fliwo me. Etsɔ dzidzeka dzidze wo eye wòma wo ɖe akpa etɔ̃ me. Ewu ameawo ƒe akpa eve, ena akpa etɔ̃lia me tɔwo zu eƒe subɔlawo eye wòna wodzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite