Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 2:7 - Agbenya La

7 Yehowa ɖoa ahedada ɖa eye eya kee gaɖoa hokpɔkpɔ ɖa; eyae bɔbɔa ame ɖe anyi eye eya kee gadoa ame ɖe dzi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Yehowa wɔa ahetɔ kple kesinɔtɔ, eyae ƒua ame anyi, eye wògafɔa ame ɖe dzii.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 2:7
17 Referans Kwoze  

ke boŋ Mawue nye afiatsola, eɖea ame sia le zi dzi, eye wòdoa ame kemɛ ɖe dzi.


Edoa ɖokuibɔbɔlawo ɖe dzi eye wòkɔa ame siwo le nu xam la dana ɖe dziɖeɖi me.


hedo gbe ɖa be, “Amamae menɔ hafi do go tso danye ƒe dɔ me, eye amamae manɔ hafi atrɔ adzo. Yehowae na eye Yehowae gaxɔe; woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ!”


Mibɔbɔ mia ɖokui na Aƒetɔ la, ekema ado mi ɖe dzi.


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ɖo ŋkeke ɖi na dadalawo kple ɖokuiŋudzelawo kple nu siwo katã wodo ɖe dzi la (elabena woabɔbɔ wo ɖe anyi).


le wò dziku helĩhelĩ la ta elabena èdom ɖe dzi, eye nètsɔm ƒu gbe ɖe adzɔge.


Ale Yehu dzo le ehatiwo dome heyi aƒea me. Nusrɔ̃la la kɔ ami la ɖe tame nɛ eye wògblɔ nɛ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Mesi ami na wò eye meɖo wò fiae ɖe Yehowa ƒe dukɔ, Israel nu.


Nye kɔ kpɔ dadala ɖe sia ɖe ne nàbɔbɔe ɖe anyi eye nàgbã ame vɔ̃ɖiwo ɖe afi si wole.


Wò ɖeka gbɔ ko kesinɔnuwo kple bubu tsona; wòe nye amegbetɔƒomea dziɖula. Asiwòmee gãnyenye kple ŋusẽ le eye wòe naa gãnyenye kple ŋusẽ ame.


Ale Hezekia zu kesinɔtɔ kple bubume gã aɖe, etu nudzraɖoƒewo na eƒe klosalo, sika kple kpe xɔasiwo, atike ʋeʋĩwo, akpoxɔnuwo kple sikatrewo.


Etso kɔƒewo eye lãha gãwo sɔ gbɔ ɖe esi elabena Mawu na kesinɔnu geɖe ŋutɔ woe.


Kplu aɖe le Yehowa ƒe asi me, wain si lɔ fu ɖe nu, eye wotsɔ nu ʋeʋĩ tɔtɔe la le eme; ekui na ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi, wonoe, no ahaƒã si le egɔme la hã ƒiaƒiaƒia.


Nu ɖeka siae nàkpɔ le kesinɔtɔ kple ame dahe ŋu: Yehowae nye wo katã Wɔla.


“Azɔ mawɔ wò nàzu sue le dukɔwo dome eye maɖi gbɔ̃ wò vevie.


Gbemetiwo katã anya be nye Yehowae bɔbɔ ati kɔkɔ la ɖe anyi, eye mena ati kpui la tsi hekɔ. Mena ati mumu la ku, eye ati kuku la dze.’ “Nye Aƒetɔ Yehowae ƒo nu, eye mawɔe ade goe.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite