Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 2:5 - Agbenya La

5 Ame siwo ɖi ƒo tsã la, tsɔ wo ɖokui ɖo awɔbae na nuɖuɖu, ke ame siwo dɔ wu tsã la, dɔ megale wo wum o. Ame si tsi ko tsã la dzi vi adre azɔ, ke ame si si vi adre nɔ la ƒe vidzidɔ lé ayi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 wotsɔ abolo tɔ agbate ƒoɖilawo, ke dɔwuitɔwo tasi agbatetsɔtsɔ. Konɔ ke hã dzi adadre, ke vi geɖe dzila ƒe dɔ lé ayi.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 2:5
11 Referans Kwoze  

Etsɔ nu nyuiwo ɖi ƒo na dɔwuitɔwo, ke edo mɔ kesinɔtɔwo asigbɔloe.


Ame si na konɔ nɔa eƒe aƒe me, hekpɔa dzidzɔ abe viwo dada ene. Mikafu Yehowa.


Nu ate vi adre dzila ŋu, eye wòaɖe asi le eƒe luʋɔ ŋu. Eƒe ɣe aɖo to le ŋdɔ. Woado vloe eye wòaɖu ŋukpe. Mana ame siwo susɔ la natsi yi nu le woƒe futɔwo ƒe ŋkume,” Yehowae gblɔe.


Dɔ awu dzatawo, eye woagbɔdzɔ, gake ame siwo dia Yehowa ya la, kesinɔnu aɖeke mahiã wo o.


“Gake Abraham gblɔ nɛ be, ‘Ŋutsu, ɖo ŋku edzi be le wò agbemeŋkekewo me la, èkpɔ nu sia nu si nèdi, ke naneke menɔ Lazaro ya si o. Ale le afi sia la, ekpɔ akɔfafa, ke wò ya èle vevesese me.


“Tso aseye, o konɔ, wò ame si medzi vi kpɔ o. Wò ame si melé ku kpɔ o. Dzi ha nàdo dzidzɔɣli, elabena nyɔnu si tsi akogo la ƒe viwo sɔ gbɔ wu nyɔnu si si srɔ̃ le la.” Yehowae gblɔe.


Esi wònye be Yehowa tu eƒe vidzidɔ ta la, atsusia nɔa dzigbãnyawo gblɔm ɖe eŋu be ne wòado dziku.


Ale le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Hana fɔ fu, dzi viŋutsu eye wòna ŋkɔe be Samuel elabena egblɔ be, “Yehowa si mee mebiae le.”


Elabena woŋlɔ ɖi bena, “Dzi nedzɔ wò, O konɔ, wò nyɔnu si medzi vi kpɔ o; do ɣli sesĩe nàtso aseye, wò ame si melé ku kpɔ o; viwo le nyɔnu si tsi akogo la si wu nyɔnu si si srɔ̃ le la gɔ̃ hã.”


nena wò agbenɔnɔ nazu yeye, eye wòakpɔ dziwò le wò nyagãkuku me, elabena lɔ̃xoyɔviwò, ame si lɔ̃ wò, ame si sɔ gbɔ na wò wu ŋutsuvi adre lae dzii na wò.”


Anyigba la ƒu kplakplakpla, eye naneke megale edzi o. Ŋu kpe Lebanon, eye wòyrɔ sũu. Saron le abe Araba gbegbe ene. Basan kple Karmel lũ xɛ abe ati ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite