Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 19:8 - Agbenya La

8 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, aʋa gadzɔ ɖe Israelviwo kple Filistitɔwo dome. David nɔ eƒe aʋakɔ la nu, wowu Filistitɔ geɖewo eye aʋakɔ blibo la si le wo nu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye aʋa gadzɔ, eye Dawid yi ɖawɔ aʋa kple Filistitɔwo, eye wowu wo dometɔ geɖewo ŋutɔ, ale be wòsi le wo nu.

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 19:8
8 Referans Kwoze  

Togbɔ be aʋakɔ gã aɖe ɖe to ɖem hã la, nye dzi mavɔ̃ o, togbɔ be wodze aʋa ɖe ŋunye hã la, azɔ koŋ dzi aɖo ƒonye.


Yonatan yɔ David emegbe eye wòka nya si dzɔ la ta nɛ. Ekplɔ David yi Saul gbɔ eye wo dome ganɔ abe tsã ene.


Ke gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Yehowa gbɔ va Saul dzi, esime wònɔ eƒe aƒe me eye eƒe akplɔ nɔ esi. Esime David nɔ kasaŋku ƒom la.


Ke nu sia nu si wòwɔna la dzea edzi nɛ elabena Yehowa li kplii.


Ɣe sia ɣi si Filistitɔwo ho aʋa ɖe Israelviwo ŋu la, David ƒe aʋakɔwo ɖua Filistitɔwo dzi wu Saul ƒe aʋakplɔla mamlɛawo tɔwo. Ale David ƒe ŋkɔ ɖi hoo le anyigba blibo la dzi.


Woyi Keila eye wowu Filistitɔ geɖewo, woxɔ woƒe lãwo eye ale woɖe Keilatɔwo.


Ke Israelviwo xɔ Syriatɔwo ƒe sɔwo kple tasiaɖamwo ƒe akpa gãtɔ eye wowu Siriatɔ geɖewo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite