Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 16:4 - Agbenya La

4 Samuel wɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo sia dzi. Esi wòɖo Betlehem la, dua ƒe ametsitsiwo va kpee kple dzodzo nyanyanya hebiae be, “Ŋutifafa dzie nèva ɖoa?”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Samuel wɔ, alesi Yehowa gblɔ nɛ la, eye wòva Betlexem. Tete dumegãwo ɖi vo, eye woyi ɖakpee gblɔ be: Ŋutifafa nèhe vɛa?

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 16:4
13 Referans Kwoze  

Gbe ɖeka la, Adoniya, Hagit ƒe vi la va Fia Solomo dada, Batseba gbɔ. Batseba biae be, “Ŋutifafae nètsɔ vɛa?” Adoniya ɖo eŋu be, “Ɛ̃, ŋutifafa mee meva le.


Simɔn Petro kpɔ nu si va dzɔ la, eya ta wòdze klo ɖe Yesu kɔme hegblɔ be, “O, Aƒetɔ, meɖe kuku dzo le mía gbɔ, elabena nye nu vɔ̃wo sɔ gbɔ ŋutɔ, eye nyemedze be mate ɖe ŋuwò o.”


Fia Yehoram biae be, “Yehu, ŋutifafa dzie nèlea?” Yehu ɖo eŋu be, “Zi ale si dawò Yezebel ƒe trɔ̃subɔsubɔ kple adzewɔwɔ gale mía dome kokoko la, aleke ŋutifafa ate ŋu anɔ anyi?”


David yi Nɔb dua me be yeakpɔ Abimelek, nunɔla la. Ke esi Ahimelek kpɔe la vɔvɔ̃ ɖoe eye wòbiae be, “Nu ka ta wò ɖeka nèva? Nu ka ta ame aɖeke mele ŋuwò o?”


Egblɔ na Eliya be, “Oo Mawu ƒe ame, nya kae le asiwò ɖe ŋutinye? Ɖe nèva be yeaɖo ŋku nye nu vɔ̃wo dzi nam eye nàwu vinyeŋutsua?”


Ale Gadaratɔwo ƒe nutometɔwo katã ɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewo gbɔ kpoo, elabena vɔvɔ̃ lé wo. Ke Yesu ge ɖe ʋua me hedzo le afi ma.


Esi wònye be Yosef tso fiaƒome me ta la, ele nɛ be wòayi Betlehem le Yudea, afi si nye Fia David ƒe dedu me. Le esia ta wòdze mɔ tso Nazaret si le Galilea la me.


Azɔ la, dukɔ la adi Yehowa. Aɖe gbe abe dzata ene. Ne eɖe gbe la, viawo atrɔ agbɔ kple dzodzo nyanyanya tso ɣetoɖoƒe.


Medɔ nye nyagblɔɖilawo ɖa, wolã mi kakɛkakɛe, eye metsɔ nye numenyawo wu mii; nye ʋɔnudɔdrɔ̃ ake dzo ɖe mia dzi abe dzikedzo ene,


David vɔ̃ Mawu eye wòbia be “Aleke Yehowa ƒe nubablaɖaka la ava aƒee?”


Elabena dawò Rahel dzi vi eve ko, eye wòku esi metso Padan gbɔna Kanaan. Ke esi míegogo Efrat la, meɖii ɖe mɔ to le Efrat” (si nye Betlehem).


Ale Rahel ku, eye woɖii ɖe mɔ si yi Efrat alo Betlehem la to.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite