Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Samuel 16:12 - Agbenya La

12 Ale Yese dɔ woɖakplɔe vɛ. Enye ɖekakpui, le kpokploe eye wòdze ɖeka. Tete Yehowa gblɔ na Samuel be, “Tsi tre, nàsi ami nɛ elabena eyae nye amea.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Tete wòdɔ ame woɖakplɔe vɛ; ebiã, eƒe ŋkuwo le hɔ̃e, eve wònye ame kpokploe. Eye Yehowa gblɔ be: Tso, nasi ami nɛ, elabena eyae!

Gade chapit la Kopi




1 Samuel 16:12
19 Referans Kwoze  

Woƒe dumegãwo da dzo wu sno, wofu wu nyinotsi, woƒe ŋutilã biã wu soe eye woƒe dzedzeme le abe gbloti ene.


Nye lɔlɔ̃tɔ le keklẽm, eye wòbiã, ale wòƒo ame akpe ewo ta.


“Le ɣeyiɣi sia me lɔƒo la, wodzi Mose si nye ɖevi dzeɖekɛ aɖe. Le se si nɔ anyi ɣe ma ɣi me ta la, esi wodzi Mose la, edzilawo dzrae ɖo ɖe xɔ me ɣleti etɔ̃ sɔŋ.


Elabena vavã, Fia Herod kple Pontio Pilato kple ame siwo menye Yudatɔwo o la katã kple Israelviwo gɔ̃ hã le du sia me wɔ ɖeka hetsi tsitre ɖe Viwò Yesu, wò dɔla kɔkɔe si nèsi ami na la ŋu.


Ekpɔ David ɖa eye wòkpɔ be ɖevi dzaa aɖe ko wònye, ele kpokploe eye wòdze ɖeka, eya ta wòdo vloe.


Esi Samuel kpɔ Saul ko la, Yehowa gblɔ nɛ be, “Ame siae nye ame si ƒe nya megblɔ na wò, eyae aɖu fia ɖe Israelviwo dzi.”


eya ta Potifar tsɔ nu siwo katã nɔ esi la dzi kpɔkpɔ de esi. Zi ale si Yosef li ko la, megatsia dzi ɖe naneke ŋu o, negbe nu si wòadi be yeaɖu ko! Ke Yosef nye ɖekakpui dzeɖekɛ aɖe.


To xɔse me Mose dzilawo ɣlae ɣleti etɔ̃ sɔŋ le edzidzi vɔ megbe, elabena wokpɔe dze sii be menye vidzĩ dzodzro aɖe koe wònye o, eya ta womevɔ̃ na fia la ƒe se dzi dada o.


“Meɖo nye ŋutɔ nye fia ɖe Zion, nye to kɔkɔe la dzi.”


Anyigbadzifiawo ɖo afɔ anyi sesĩe, eye dumegãwo ƒo ta kpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina la ŋu.


Nyɔnu la fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Esi nyɔnu la kpɔ be ye viŋutsu la dze ɖeka ŋutɔ la, eɣlae ɖe aƒe me ɣleti etɔ̃.


Esi Saul kpɔ David wòyina aʋa wɔ ge kple Goliat la, ebia Abner, eƒe aʋafia be, “Abner, ame kae nye ɖekakpui sia fofo?” Abner ɖo eŋu be, “O fia, meta wò agbe. Nyemenya o.”


“Azɔ la, gblɔ na nye dɔla David be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la le gbɔgblɔm na wò be; meɖe wò le alẽkplɔdɔ nu eye meɖo wò fiae ɖe nye dukɔ Israel dzi.


David ƒe nya mamlɛtɔwoe nye esiawo: “David, Yese ƒe vi le nu ƒom, David, ame si Yehowa, do ɖe dzi, David, Yakob ƒe Mawu ƒe amesiamina, David, Israel ƒe Psalmo viviwo kpala.


Na Nunɔla Zadok kple Nyagblɔɖila Natan nasi ami na Solomo le afi ma abe Israel fia ene. Ekema miaku kpẽ eye miado ɣli be, ‘Fia Solomo nanɔ agbe tegbee!’


Etia David dɔla, eye wòɖee le alẽkpo me;


Ale wògblɔ nam be, “Woawoe nye ame eve siwo wosi ami na be woasubɔ anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ.”


Subɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be yenya ɖekakpui aɖe tso Betlehem, enye ŋutsu aɖe si woyɔna be Yese la ƒe vi. Ɖekakpui sia menye kasaŋkuƒola nyui ɖeɖe ko o, ke boŋ enye ɖekakpui dzeɖekɛ, kalẽtɔ sesẽ kple ame ɖɔʋu aɖe hã. Gawu la, Yehowa li kplii.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite